YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose 35

35
Dzudzɔgbe la ŋuti sewo
1Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ.
2“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. 3Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.”
Nu siwo woatsɔ atu agbadɔ lae
4Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be, 5Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa:
“sika, klosalo kple akɔbli,
6avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu,
7agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati,
8akaɖimemi,
atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo,
9onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la.
10“Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:
11“agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo,
12nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la,
13kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la,
14Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami,
15dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo,
agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ,
16Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã;
tsileze la kple eƒe zɔ
17kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la,
18agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo,
19nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.”
20Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. 21Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo. 22Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa. 23Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ. 24Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu.
25Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ. 26Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. 27Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. 28Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. 29Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ.
Bezalel kple Oholiab
30Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, 31eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ. 32Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae. 33Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. 34Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo. 35Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me.

Currently Selected:

2 Mose 35: AL

Highlight

Share

Compare

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in