1
Mateo 16:24
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.
ប្រៀបធៀប
រុករក Mateo 16:24
2
Mateo 16:18
Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.
រុករក Mateo 16:18
3
Mateo 16:19
Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.
រុករក Mateo 16:19
4
Mateo 16:25
Elabena amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe.
រុករក Mateo 16:25
5
Mateo 16:26
Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?
រុករក Mateo 16:26
6
Mateo 16:15-16
Egblɔ na wo bena: Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã? Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!
រុករក Mateo 16:15-16
7
Mateo 16:17
Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.
រុករក Mateo 16:17
គេហ៍
ព្រះគម្ពីរ
គម្រោងអាន
វីដេអូ