Tobit 8
8
Wonyà gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe
1Le nuɖuɖu kple nunono vɔ megbe la, wodi be yewoaɖamlɔ anyi. Ale wokplɔ ɖekakpuia yi ɖe xɔdɔmea me. 2Tete Tobias ɖo ŋku nya si Rafael gblɔ nɛ la dzi. Eɖe tɔmelã la ƒe aklã la kple dzi la do go tso akplo si me wòde woe la me eye wòtsɔ wo da ɖe dzoka si dzi woda lifi ɖo la dzi. 3#Mat 12.43.Tɔmelã la ƒe ʋeʋẽ kũu nyà gbɔgbɔ vɔ̃ la wòdo, sí yi keke Egipte ƒe didiƒe ʋĩi, amemanɔƒe ke. Ke Rafael kplɔe ɖo yi ɖatui. Enumake eblae, asi kple afɔ goŋgoŋ.
Tobias ƒe gbedodoɖa
4Esi dzilaawo do go tu ʋɔa la, Tobias fɔ le aba dzi eye wògblɔ na Sara be: “Nɔvinyɔnu, fɔ ne míado gbe ɖa aɖe kuku na Aƒetɔ la vevie be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòana míanɔ dedie.” 5Ale wòfɔ eye wode asi gbedodoɖa me heɖe kuku vevie be yewoanɔ dedie. Tobias dze gbedodoɖa la gɔme be:
“O mía tɔgbuiwo ƒe Mawu,
edze be woakafu wò,
wò ŋkɔ dze kafukafu le dzidzimewo katã me tegbee.
Nà dziƒowo
kple nu siwo katã nèwɔ la,
newokafu wò ŋkɔ tegbee.
6 #
Mos I, 2.18. Wòe wɔ Adam
eye nèwɔ srɔ̃a Eva nɛ,
abe kpeɖeŋutɔ kple ame si ŋu
wòaziɔ ɖo la ene.
Ègblɔ be: “Menyo be ŋutsua ɖeka nanɔ anyi o;
mina míawɔ kpeɖeŋutɔ si sɔ kplii la nɛ.
Wo ame evea mee
amegbetɔƒomea dzɔ tso.
7Azɔ mele nye ƒometɔ sia xɔm,
menye ɖe fieŋufieŋu ta o,
ke boŋ kple dzi nyateƒetɔ.
Kpɔ nublanui na nye kple eyama,
be míate ŋu atsi ɖekae aƒo wɔ.”
8Ale wo ame evea gblɔ be: “Amen, Amen.” 9Tete woyi ɖamlɔ anyi elabe zã do.
Dzilawo ƒe dzitsitsi
Ke Raguel fɔ ɖayɔ eƒe dɔlawo va egbɔe, eye woyi ɖaɖe yɔdo, 10elabe egblɔ be: “Ate ŋu ava eme be Tobias aku eye amewo ako mí, aɖu fewu le mía ŋu.” 11Esi dɔlaawo ɖe yɔdoa vɔ la, Raguel yi aƒeme eye wòyɔ srɔ̃a. 12Egblɔ nɛ be: “Dɔ wò nyɔnudɔla ɖeka ne wòaɖakpɔ ɖa be srɔ̃ŋutsua le agbe mahã. Gake ne eku la, mina míaɖii ame aɖeke manya o.” 13Ale wodɔ nyɔnudɔla la ɖa. Wosi akaɖi, ʋu ʋɔa eye nyɔnudɔla la ge ɖe wo dzi, eye wòkpɔ be wo ame evea mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa, yi alɔ̃ me ʋĩi. 14Tete nyɔnudɔla la do go va gblɔ na wo be Tobias le agbe; vɔ̃ aɖeke medzɔ ɖe edzi o. 15Ale wokafu Mawu si le dziƒo, eye Raguel #8.15 Raguel, mawunyagbalẽ aɖewo be ‘wo’. gblɔ be:
“O Mawu, edze be woakafu wò
kple kafukafu dzadzɛ ɖe sia ɖe.
Nà wò ame tiatiawo nakafu wò.
Nà woakafu wò tegbee.
16Edze be woakafu wò
elabe èdo dzidzɔ nam.
Meva eme abe ale si mekpɔ mɔ la ene o.
Ke boŋ ènyo dɔme na mí
le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu.
17Edze be woakafu wò,
elabe èkpɔ nublanui
na vi ɖekɛ eveawo.
O Aƒetɔ, kpɔ nublanui na wo
eye nàna be wòanɔ dedie.
Nà woakpɔ dzidzedze le woƒe agbe me,
le dzidzɔkpɔkpɔ kple wò nublanuikpɔkpɔ me.”
18Tete Raguel ɖe gbe na dɔlawo be woaxe yɔdo la hafi ŋu nake.
Srɔ̃ɖezã la
19Esia megbe la, Raguel gblɔ na srɔ̃a be wòame abolo fũu. Eya ŋutɔ yi ɖe lãha la dome ɖalé nyitsu tata eve kple agbo ene, eye wòna be woatso wo. Ale wode asi dzadzraɖowɔwɔ me. 20#Mos I, 24.55. Ena woyɔ Tobias vɛ eye wòka atam nɛ be:#8.20 Ka atam do ŋugbe, mawunyagbalẽ aɖewo be, ‘gblɔ be’ “Màdzo le afi sia o, ŋkeke wui ene. Ke àtsi afii aɖu nu, ano nu kplim. Àdo dzidzɔ na vinye nyɔnuvi si lé blanui la. 21Azɔ xɔ nye nunɔamesiwo ƒe afã fifi laa, eye nàtrɔ ayi tɔ́wò gbɔ dedie. Ke nuawo ƒe afã mamlɛa anye tɔwò, le nye kple srɔ̃nye ƒe ku megbe. Lé dzi ɖe ƒo, vinye. Tɔ́e menye na wò, eye Edna nye nɔ na wò. Míenye wò kple srɔ̃wò siaa tɔ, tso fifia heyi mavɔ me. Vinye, lé dzi ɖe ƒo.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.