Tobit 9
9
Mɔzɔzɔ yi Rages
1Azɔ Tobias yɔ Rafael eye wògblɔ nɛ be: 2“Nɔvi Azarya, kplɔ dɔla ene, eye miatsɔ kposɔ eve ne miayi Rages. Ne mieɖo la, yi Gabael gbɔ le eƒeme, tsɔ gagbalẽ la nɛ nàxɔ ga la eye nàkplɔe miava srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe. 3 Elabe ènya be tɔ́nye le ŋkekeawo xlẽm, eye ne metsi megbe ŋkeke ɖeka pɛ hã la, aɖe fu na eƒe susu vevie ŋutɔ. 4 Ènɔ eteƒe hafi Raguel ka atam la, eye nyemate ŋu ada eƒe atam la dzi o.” 5Ale Rafael kple dɔla eneawo kple kposɔ eveawo yi Rages le Media-nyigba dzi, ɖanɔ Gabael gbɔ. Rafael tsɔ kpeɖodzigbalẽ la nɛ, eye wòna nyanyae be Tobit vi, Tobias ɖe srɔ̃ eye wòle ekpem be wòava srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe. Ale Gabael tso, eye wòxlẽ gakotokuawo tsɔ nɛ. Nutrenuawo le gakotokuawo nu pɛpɛpɛ; ale wotsɔ wo do agba na kposɔawo. 6Le ŋdi me la, wo kple evea fɔ kaba eye woyi srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe. Esi woge ɖe Raguel ƒeme la, wokpɔ Tobias wòle nu ɖum. Etsi tsitre eye wòdo gbe na Gabael. Gabael fa avi eye wòkafui gblɔ be: “Viŋutsu nyui, si ŋu bubu le; ètsɔ tɔ́wò ƒe nyonyo, bubu, nuteƒewɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ. Mawu si le dziƒo la neyra wò kple srɔ̃wò, eye neyra towò kple lɔ̃xowò hã. Newokafu Mawu, elabe esi mekpɔ wò, Tobias ko la, meɖo ŋku nɔvinye Tobit dzi.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.