Tobit 7
7
Le Raguel ƒeme
1Azɔ esi woge ɖe Ekbatana-dua me la, Tobias gblɔ nɛ be: “Nɔvi Azarya, kplɔm tẽe yi mía nɔvi Raguel gbɔ zi ɖeka.” Ale wòkplɔe yi Raguel ƒemee. Woke ɖe eŋu wònɔ anyi ɖe xɔxɔnuʋɔtrua xa. Wodo gbe nɛ gbã, eye wòxɔ gbe na wò be: “Nɔvinyewo, miawoe zɔ; dzi dzɔm be mieva. Mieli sesĩea?” Tete wòkplɔ wo ge ɖe eƒeme. 2Egblɔ na srɔ̃a Edna be: “Ɖekakpui sia ɖi nye ƒometɔ Tobit ŋutɔ lo.” 3Tete Edna bia wo be: “Nɔviwo, afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míenye Naftali-to la ƒe dzidzimeviwo, ame siwo le aboyo me le Nineve.” 4Edna gabia wo be: “Miedze si Tobit, mía ƒometɔa?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, míedze sii.” Ebia wo be: “Eli sesĩea?” 5Woɖo eŋu be: “Eli; efɔ sesĩe!” Tobias gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Tɔ́nyee!” 6#Mos I, 33.4; 45.14; Luk 15.20.Esi wògblɔ esia la, Raguel tso, kpla asi kɔ nɛ hegbugbɔ nu nɛ eye wòwó avi.#7.6 Mose I, 33.4; 45.14; Luka 15.20 7Eyi edzi gblɔ nɛ be: “Mawu neyra wò, vinye, tɔ́wò la, ame nyui, bubume aɖee#7.7 Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo kpee ɖe eŋu be: Esi wòse be Tobit tsí ŋku la, exa nu wòfa avi. O, nublanuiwo ƒe nublanui; dzɔgbevɔ̃e kae nye esia, be ŋutsu dzɔdzɔe dɔmenyowɔla nazu ŋkunɔ!” Tete wòkpla asi kɔ na eƒe ƒometɔ Tobias eye wòwó avi. 8Srɔ̃a Edna hã fa avi ɖe eŋu. Nenema kee wo vinyɔnu Sara hã fa avi. 9Eyome Raguel lé agbo le eƒe lãha me wu, tsɔ xɔ woe kple dzidzɔ gã aɖe.
Esi wole tsi vɔ, dzra wo ɖokui ɖo, bɔbɔ nɔ anyi hena nuɖuɖu la, Tobias gblɔ na Rafael be: “Nɔvi Azarya, gblɔe na Raguel be wòatsɔ nye ƒometɔ, Sara nam maɖe.” 10Ke Raguel se dalĩ si dom wole la, eye wògblɔ na ɖekakpuia be: “Ɖu nu, no nu eye nàkpɔ dzidzɔ le zã sia me, elabe ŋusẽ mele ame aɖeke si le se nu be wòaɖe vinye Sara wu wò o. Nenema ke nye hã nyemekpɔ mɔ atsɔe na ŋutsu bubu aɖeke o, negbe wò ko, elabe wòe nye nye ƒometɔ si te ɖe ŋunye wu. Gake vinye, nà maɖe ale si nya la le tututu la me na wò nyuie. 11Metsɔe na ŋutsu adrẽ tso míaƒe ƒome la me va yi, ke wo katã woku le zã si me woyi be yewoaɖadɔ egbɔ. Eya ta azɔ la, vinye, ɖu nu, nàno nu eye Aƒetɔ la akpɔ mi ame eve la ta.” Tobias gblɔ be: “Nyemaɖu nu alo ano naneke o, va se ɖe esime nèkpɔ nya si metsɔ vɛ la gbɔ nam.” Ale Raguel gblɔ be: “Yoo, melɔ̃. Metsɔe na wò le ɖoɖo si le Mose ƒe segbalẽ la me nu, eye woɖoe tso dziƒo be woatsɔe na wò. Xɔ nyɔnua, wò ƒometɔe, tso esia dzi heyina la, miezu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu. Wotsɔe na wò tso egbea dzi heyi mavɔ me. Vinye, dziƒo ƒe Aƒetɔ la nekplɔ mi, eye wòana nu sia nu nadze edzi na mi ame eve la le zã sia me, eye wòave mia nu ana ŋutifafa mi.”
Srɔ̃ɖekɔnu la
12Tete Raguel na woɖayɔ via Sara vɛ. Esi wòva ɖo egbɔ la, elé eƒe alɔ nu kplɔe de Tobias si gblɔ be: “Xɔe abe srɔ̃wò ene le se kple ɖoɖo si woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la nu. Xɔe nàkplɔe yi na tɔ́wò dedie. Mawu dziƒotɔ la, nèna miaƒe mɔzɔzɔ la nadze edzi le eƒe ŋutifafa me.” 13Tete Raguel yɔ Sara nɔ eye wògblɔ nɛ be netsɔ nane vɛ yeaŋlɔ nu ɖe edzi. Eŋlɔ srɔ̃ɖeɖea ƒe kpeɖodzinya si bla wo la, be yetsɔ ye vi Sara na Tobias abe srɔ̃a ene le ɖoɖo si le Mose ƒe se la me la nu. 14Tete wode asi nuɖuɖu kple nunono me.
15Raguel yɔ srɔ̃a Edna eye wògblɔ nɛ be: “Srɔ̃nye, dzra xɔdɔme kemɛ me ɖo, eye nàkplɔ Sara yi emee.” 16Eyi ɖaɖo aba ɖe xɔa me abe ale si wògblɔe nɛ la ene, eye wòkplɔ Sara yi afi mae. Efa avi ɖe via nyɔnuvia ŋu. Esi wòtutu mo la, egblɔ nɛ be: “Lé dzi ɖe ƒo, dziƒo ƒe Aƒetɔ la nedo dzidzɔ na wò ɖe wò nuxaxa teƒe. Lé dzi ɖe ƒo, vinye.” Tete wòdo go dzo yi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.