Tobit 6
6
Tobias lé tɔmelã aɖe
1Ɖekakpuia do go dze mɔ eye mawudɔla la yi kplii. 2Avu la hã do va kplii eye wòzɔ kpli wo. Ale wo kple evea dze mɔ yina. Esi zã gbãtɔ do ɖe wo la, wotsi Tigris-tɔsisi la to dɔ. 3Tete ɖekakpui la ge ɖe tɔsisi la me be yeaɖaklɔ afɔ. Kasia tɔmelã gã aɖe dzo tso tsia me, te kpɔ be yeami ɖekakpuia ƒe afɔ eye wòdo ɣli sesĩe. 4Ke mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Lé lã la sesĩe, mègaɖe asi le eŋu o.” Ale ɖekakpui la lé lã la, eye wòhee va godzi. 5Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Ko lã la; ɖe eƒe vevegoe, dzi kple aklã. Dzra wo ɖo ɖe gbɔwò, ke nàtsɔ dɔkaviawo ya ƒu gbe. Elabe eƒe vevegoea, dzia kple aklãa nyo abe gbedanu ene.” 6Ale esi ɖekakpui la ko lã la vɔ la, eƒo ƒu vevegoe la, dzi la kple aklã la. Tete wòme lã la ƒe ɖe heɖu, eye esi susɔ la, edzra ɖe ɖo be yeade dzee.
Wo ame eve la yi mɔzɔzɔ la dzi, va se ɖe esime wogogo Media. 7Tete ɖekakpuia bia mawudɔla la be: “Nɔvi Azarya, dɔyɔŋusẽ kae le tɔmelã la ƒe dzia, aklãa kple veve la me?” 8Eɖo eŋu be:” Le tɔmelã la ƒe dzia kple aklãa gome la, ele be nàtɔ dzo wo, woatu dzudzɔ le ŋutsu alo nyɔnu si gbɔgbɔ vɔ̃ alo gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe le fu ɖem na la gbɔ, eye nu sia nu si le fu ɖem la así adzo. Naneke magaɖe fu na ame ma akpɔ gbeɖe o. 9Le tɔmelã la ƒe veve la gome la, sisii ɖe ame si ƒe ŋkuwo me nu flukpe ɣiwo do ɖo la dzi. Ɖo ƒuƒu ɖe nu flukpe ɣiawo dzi, eye ŋkuawo agakpɔ nu.
Le mɔ dzi ɖo ta Ekbatana
10Esi wòɖo Media-nyigba dzi, eye wògogo Ekbatana-dua vɔ la, 11Rafael yɔ ɖekakpuia be: “Nɔvi Tobias.” Etɔ be: “Nyee nye esi.” Tete Rafael gblɔ nɛ be: “Zã sia me la, ele be míaɖatsi Raguel ƒe aƒeme dɔ. Wò ƒometɔe. Vinyɔnuvi le esi; eŋkɔe nye Sara. 12Viŋutsu domenyila aɖeke mele esi alo vinyɔnu aɖeke o, negbe Sara ko, eye wò, abe Sara ƒometɔ si te ɖe eŋu ene le ƒomea ƒe dzɔdzɔme nu la, wòe kpɔ ŋusẽ do ŋgɔ aɖee wu ŋutsu bubu ɖe sia ɖe. Ŋusẽ hã le asiwò le se nu be nànyi tɔ́a ƒe nuwo dome. Gawu la, nyɔnuvi la wɔa susu ŋudɔ, dzi le eƒo eye wòdze tugbe ŋutɔ. Tɔ́a nye ame nyui.” 13Eyi edzi be: “Ŋusẽ ɖe sia ɖe le asiwò, le se nu, be nàɖee. Eya ta, nɔvi, ɖo to. Zã sia me la, maƒo nu na tɔ́a tso nyɔnuvi la ŋu, ale be nàxɔe abe wò ŋugbetɔ ene. Ne míetrɔ tso Rages la, míaɖu eƒe srɔ̃ɖezã la. Elabe menya be Raguel magbe asiɖeɖe le eŋu na wò be nàɖe o, eye mado eŋugbe na ŋutsu bubu hã o. Ne ewɔ esia la, ekema edze na ku le Mose ƒe se la nu. Le nyateƒe me la, Raguel nya nyuie be le se la nu la, wòe nye ame si aɖe via, ke menye ŋutsu bubu aɖeke o. Eya ta azɔ la, ɖo tom; le zã sia me la, maƒo nu kple Raguel eye míawɔ ɖoɖo le etabiabia na wò ŋuti. Ekem ne míetrɔ tso Rages la, míakplɔe ɖe asi agbɔe va aƒewò me.”
14Tete Tobias ɖo eŋu na Rafael be: “Nɔvi Azarya, mese be nyɔnua ɖe ŋutsu adrẽ va yi xoxo eye woku le srɔ̃ɖexɔ me. Zã si me woyi be yewoadɔ kple nyɔnua ko la, wokuna. Mese le amewo nu be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖee wua wo. 15Gbɔgbɔ vɔ̃ la mewɔa nu vevi nyɔnua ya o, ke ewua ŋutsu sia ŋutsu si wòdzro, wòte ɖe eŋu la. Azɔ, esi wònye nye ɖeka koe nye viŋutsu le tɔ́nye si la, mevɔ̃ be mava ku eye mana tɔ́nye kple nɔnye axa nye nu ʋuu ayi yɔme. Vi bubu aɖeke mele wo si aɖi wo o.”
16Ke Rafael biae be: “Mèɖo ŋku nuxlɔ̃amenya si tɔ́wò na wò la dzi oa? Ɖe mexlɔ̃ nu wò be nàɖe srɔ̃ tso yeƒe ƒome me oa? Nɔvi, azɔ kè to nàse nya si gblɔ ge mala. Mègagblɔ gbɔgbɔ vɔ̃ sia ƒe nya azɔ o. Xɔ nyɔnua. Menya be zã sia me tututu la, wole etsɔ ge na wò be nàɖe. 17Ne èyi nyɔnua gbɔ le srɔ̃ɖexɔa me la, tsɔ tɔmelã la ƒe aklã la ƒe ɖe kple dzi la ƒe ɖe ɖe asi, eye nàtsɔ wo da ɖe lifidzoka la dzi. Ʋeʋẽ aɖe ado. 18Gbɔgbɔ vɔ̃ la asee, eye wòasí; magate ɖe Sara ŋu akpɔ gbeɖe o. Azɔ, hafi nàmlɔ anyi kplii la, ele be mi ame evea miatsi tsi tsitre ado gbe ɖa, aɖe kuku na Dziƒo ƒe Aƒetɔ la be wòave mia nu, akpɔ mia ta be mianɔ dedie. Mègavɔ̃ o, elabe ɖe woɖee ɖe aga na wò hafi wowɔ xexea me. Àxɔe ɖe agbe eye wòayi kpli wò. Mebui be adzi viwo kpli wò eye woanɔ abe nɔviwò ŋutsuwo ene. Azɔ mègake nu o!” Esi Tobias se Rafael ƒe nyaawo, eye wòva de dzesii be Sara nye yeƒe ƒometɔ, tso ye tɔ́ ƒe dzidzime me la, elɔ̃ eyama ŋutɔ, eye eƒe nu lé dzi nɛ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.