Tobit 5
5
Dzadzraɖo ɖe mɔzɔzɔ ŋu
1Tobias gblɔ na tɔ́a, Tobit be: “Tɔ́nye, mawɔ nu sia nu si nègblɔ nam la, 2gake, ale ke mawɔ nye asi naka ga la, esi Gabael medze sim, eye nye hã nyemedze sii o. Dzesi kae mafiae be wòakpɔ adze sii eye wòaka ɖe dzinye, atsɔ ga la nam? Hekpe ɖe esia ŋu la, nyemenya mɔ si mato ayi Media hã o alo ale si mawɔ aɖo afi ma o.” 3Tete Tobit gblɔ na via Tobias be: “Nye kple Gabael míewɔ agbalẽ ɖe ga la dzi, eye míede asi ete hã. Mema eƒe agbalẽa ɖe eve; mexɔ ɖeka eye eya hã xɔ ɖeka si metsɔ kpe ɖe ga la ŋu. Ƒè bla eve sɔŋ ye nye esi va yi, esi metsɔ ga la na Gabael be wòakpɔ edzi. Ale azɔ la, vinye, di ame aɖe si dzi nèka ɖo be wòayi Media kpli wò. Míaxe fe nɛ va se ɖe esime mietrɔ gbɔ. Ke kpɔ egbɔ be yexɔ ga la le Gabael si.”
4 #
Heb 13.2. Ale Tobias yi be yeaɖadi ame si nya mɔ la nyuie ayi Media kple ye. Edo go yi eye wòkpɔ mawudɔla Rafael le tsitre ɖe eŋgɔ, gake mekpɔe dze sii be mawudɔla wònye o. 5Tobias biae be: “Ɖekakpui, afi ka nètso?” Eɖo eŋu nɛ be: “Metso Israelviwo, wò dukɔmetɔwo dome. Meva afi sia be madi dɔ awɔ.” Tobias gabiae be: “Ènya afi si wotona yia Mediaa?” 6Eɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, menyae, mede afi ma zi geɖe. Menya Media nyuie eye menya mɔ siwo katã yi afi ma. Medea Media enuenu eye medzea míaƒe ƒometɔ Gabael si le Rages le Media la gbɔ. Àzɔ mɔ ŋkeke eve tso Ekbatana hafi aɖo Rages. Rages le tonyigba dzi, ke Ekbatana ya le titina na anyigba la ƒe gbadzaƒe”. 7Tete Tobias gblɔ na Rafael be: “Nɔvi, kpɔ asinye nu, ne mayi aƒeme aɖagblɔe na tɔ́nye, elabe mehiã wò be nàzɔ mɔ kplim eye maxe fe na wò.” 8Rafael gblɔ nɛ be: “Yoo, malala wò, gake te kpɔ nàva kaba.”
9Tobias yi aƒea me ɖagblɔ na tɔ́a, Tobit, be: “Meke ɖe ŋutsu aɖe si nye míawo ŋutɔ mía detɔ, Israelvi aɖe ŋu fifi laa.” Tɔ́a ɖo eŋu nɛ be: “Vinye, kplɔe vɛ be mabia gbee, ne manya ƒome si me wòtso kple to si me tɔ wònye, ne makpɔ ɖa be enye ame si dzi woaka ɖo, be wòayi kpli wò hã.”
Tobit do go Rafael
10Tete Tobias do yi ɖayɔ Rafael. Egblɔ nɛ be: “Ɖekakpui, tɔ́nye le yɔwòm.” Ale wòge ɖe aƒea me eye Tobit do gbe nɛ gbã. Rafael xɔ ɖe edzi be: “Mexɔ gbe na wò kple dzidzɔ.” Gake Tobit da gbee be: “Dzidzɔ aɖe gali nam magate ŋu akpɔa? Metsí ŋku! Nyemagate ŋu akpɔ dziƒokekeli la o. Mele viviti me abe ame kuku siwo megakpɔa kekeli o la ene. Togbɔ be megale agbe hã la, mele kukuawo dome. Mele amewo ƒe nuƒo sem gake nyemate ŋu akpɔ wo o.” Gake ɖekakpui la be: “Lé dzi ɖe ƒo, ɣeyiɣi tu aƒe azɔ na Mawu be wòada gbe le ŋuwò; lé dzi ɖe ƒo.” Tete Tobit gblɔ nɛ be: “Vinye, Tobias di be yeayi Media. Àte ŋu ayi kplii, afia mɔ laea? Nɔvinye, maxe fe na wò.” Rafael ɖo eŋu be: “Mate ŋu akplɔe yii. Menya mɔawo katã elabe medea Media enuenu, eye menya eƒe gbegbewo katã. Eƒe towo kple eƒe mɔwo katã le nyanya nam.”
11Tete Tobit gabiae be: “Nɔvinye, ƒome ka me tɔ nènye eye to ka mee nètso? Gblɔe nam, nɔvi.” 12Rafael ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka tae nèdi be yeanya to si me metso?” Tobit ke nu gblɔ be: “Nɔvi, medi be kakaɖedzi nanɔ asinye. Ame ka vie nènye eye ŋkɔwò ɖe?” 13Eɖo eŋu be: “Ŋkɔnyee nye Azarya. Nyee nye amegã Hanania, wò ƒometɔ la, vi.” 14Tobit gblɔ nɛ be: “Wòe zɔ! Mawu nekpɔ tawò, nɔvi. Dɔ me megave wò ɖe ŋunye o, nɔvi, elabe medi be maka ɖe ƒome si me nètso la dzi. Míaƒe ƒometɔ tututu nènye eye nètso bubudzidzime nyui me. Elabe medze si Hanania kple Natan, siwo nye Semelia viŋutsu eveawo. Nye kple woawoe dea Yerusalem ɖasubɔna le afi ma. Wometra mɔ le xɔse me o. Ƒome akuakua ŋutɔ mee nètso; èdzɔ tso ƒome nyui me. Wòe zɔ kekeke!”
15Eyi edzi be: “Maxe ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔfe na wò abe wò fetu ene, hekpe ɖe wò ŋutɔ kple vinye ƒe nugbegblẽwo ŋuti. Eya ta yi kple vinye la, 16#Mos I, 24.7, 40.eye mada nane ɖe wò fetu la dzi.” Rafael xɔ edzi be: “Mayi kplii eya ta mègavɔ̃ o. Míayi le lãmesẽ me, agbɔ le lãmesẽ me, elabe mɔa dzi fa.” 17Ale Tobit gblɔ nɛ be, “Nɔvi, Mawu neyra wò.”
Azɔ Tobit yɔ via gblɔ nɛ be: “Vinye, dzra ɖo nàdze mɔ kple nɔviwòa. Mawu dziƒotɔ nekplɔ mi yii dedie, eye wòakplɔ mi agbɔe le lãmesẽ me vɛ nam. Vinye, nena eƒe mawudɔla nakplɔ mi ame evea dedie.”
Hafi Tobias nado go adze mɔ la, egbugbɔ nu na tɔ́a kple nɔa. Tete Tobit gblɔ nɛ be: “Mɔ dzi nefa!”
18Ke Tobias nɔ wó avi, eye wòbia Tobit be: “Nu ka ta nèle vinye la ɖom ɖe nugbe? Ɖe menye eyae nye míaƒe atizɔti si medɔna ɖe nugbe oa? 19Mehiã be míati ga ma yome o. Aɖukpodzinu ko wònye ne wotsɔe sɔ kple mía vi la. 20Elabe agbe si Aƒetɔ la na mí la sɔ gbɔ na mí.” 21Tobit gblɔ na srɔ̃a be: “Mègatsi dzimaɖi o; mía vi la ayi le lãmesẽ me, atrɔ gbɔ le lãmesẽ me. Wò ŋkuwo akpɔe gbe si gbe wòtrɔ gbɔ va gbɔwò le lãmesẽ me. Nɔvinyɔnu, mègaƒo nu yi edzi o. Mègavɔ̃ ɖe wo nu o. 22Elabe mawudɔla nyui aɖe akplɔe ayii, eƒe mɔzɔzɔ la adze edzi nyuie eye wòatrɔ agbɔ le lãmesẽ me nyuie.”
23Ale, Ana dzudzɔ avia fafa.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.