رفتن به محتوا

Tobit 4

4
Tobit xlɔ̃ nu via Tobias
1Gbe ma gbe ke la, Tobit ƒe ŋku dze ga si wòde Gabael si be wòakpɔ edzi na ye le Rages le Media-nyigba dzi la dzi. 2Egblɔ le eɖokui me be: “Azɔ la, mebia be maku. Nu ka ta nyemayɔ vinye Tobias ana wòanya nu tso ga sia ŋu hafi maku o?” 3Tete wòyɔ via Tobias. Esi wòva egbɔ la, egblɔ nɛ be: “Vinye, ne meku la, kpɔ egbɔ be yeɖim nyuie. Bu nɔwò eye mègagblee ɖi le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o. Wɔ nu sia nu si dzea eŋu la nɛ, eye mègana wòase veve le naneke ŋuti o. 4Vinye, wò ŋku nenɔ eŋu, elabe eto ŋɔdzinu geɖe me ɖe tawò, esime nènɔ eƒe dɔme. Ne eku la, nàɖii ɖe axanye le yɔdo ma ke me.
5“De bubu Aƒetɔ la ŋu, vinye, le wò agbe me ŋkekewo katã me. Gbe nuvɔ̃ wɔwɔ, nenema ke megada eƒe sededewo hã dzi o. Wɔ nu dzɔdzɔe le wò agbe blibo la me, eye mègazɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe mɔ dzi o, 6elabe ame siwo zɔ le nyateƒe me la, nu adze edzi na wo le woƒe wɔnawo katã me. Ame siwo katã wɔa nu dzɔdzɔe la, Aƒetɔ la aɖo aɖaŋu nyui na wo.#4.6 Le mawunyagbalẽ xoxo aɖewo me la, kpukpui 6lia wu enu kple kpukpui 19lia ƒe akpa sia be: “Ame siwo katã wɔa nu dzɔdzɔe la, Aƒetɔ la aɖo aɖaŋu nyui na wo.” 7#Mos V, 15.7, 8; Lod 19.17; Sir 3.30—4.6; Yoh I, 3.17.Nà nu ame dahewo faa tso wò nunɔamesiwo me, eye wò ŋkumeganɔ wò nunana la yome o. Mègasẽ asi me, ne èkpɔ ame dahe o, ekema Mawu hã matrɔ megbe ade wò o. 8Ne nu geɖe le asiwò la, na nu ɖe eŋu. Ne nu sue aɖe koe le asiwò la, mègavɔ̃ be yeana nu tso nu sue si le asiwò la me o. 9To esia wɔwɔ me la, àdzra kesinɔnu ɖo ɖi na ɖokuiwò ɖe hiahiãgbe ŋu. 10Elabe nunana ame dahe ɖea ame tso ku me, eye mekplɔa ame yina ɖe ku ƒe Viviti la me o. 11Le nyateƒe me la, ame siwo katã naa nu ame dahe ƒe nunanawo nye nyuitɔ kekeake le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume.
12“Vinye, gbe nu le matrewɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. Gbã la, ɖe srɔ̃ tso tɔgbuiwòwo ƒe dzidzime me; mègaɖe dzronyɔnu, si metso tɔ́wò ƒe to me o, elabe Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe dzidzimeviwoe míenye. Vinye, ɖo ŋku edzi, be mía tɔgbuitɔgbuiwo: Noa, Abraham, Isak kple Yakob, wo katã woɖe srɔ̃ tso woƒe ƒometɔwo dome. Mawu yra wo le wo viwo ta, eye woƒe dzidzimewoe anyi anyigba la dome. 13Eya ta, vinye, lɔ̃ wò ƒome la tso wò dzime, eye mègatsri wo o. Mègatsri wò dukɔ me viŋutsuviwo kple vinyɔnuviwo o, eye nàgbe be yemaɖe srɔ̃ tso wo dome o. Elabe dàda hea gbegblẽ kple tɔtɔtɔ gã aɖe vanɛ. Nenema ke kuviawɔwɔ nana be ame bua nu geɖe, eye wòdaa ahe vevie; elabe eya kee nana be dɔ tona.
14“Mègana agbatedɔwɔlawo ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake o, ke boŋ xe fe na wo enumake. Ne èsubɔa Mawu la, axe fe na wò. Vinye, ɖɔ ŋu ɖo le nu sia nu si nèle wɔwɔm la me, eye nàɖu ɖokuiwò dzi le wò zɔzɔme me. 15#Mat 7.12; Luk 6.31.Nu si nètsri la, mègawɔ nu ma ke ɖe ame aɖeke ŋu o. Mègano aha gbɔ eme o, eye ahamumu negazu numame na wò o. 16Nà wò nuɖuɖu ƒe ɖe dɔwuitɔwo, eye tsɔ wò awuwo ƒe ɖe na ame siwo le amama. Nu siwo katã nèkpɔ, evɔ womegahiã wò o la, tsɔ wo na ame dahewo faa, eye wò ŋkumeganɔ nunana la yome o. 17#Mos V, 26.14.Anyo na wò be nàtsɔ wò nuɖuɖu ada ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdo dzi, ke mègatsɔ ɖeke na nuvɔ̃wɔlawo o. 18Di aɖaŋuɖoɖo tso nunyala ɖe sia ɖe gbɔ, eye mègagbe aɖaŋuɖoɖo si aɖe vi na wò la o. 19Ɣe sia ɣi la kafu Mawu, Aƒetɔ la, eye nàdo gbe ɖa nɛ be wò mɔwo nadzɔ, wò toƒewo nasɔ, eye wò ɖoɖowo nadze edzi nyuie. Elabe nugɔmesese mele dukɔ aɖeke si o. Ke ne elɔ̃ hã la, atsɔ wo aƒu gbe ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ʋĩi ke. Eya ta, vinye, ɖo ŋku sedede siawo dzi, eye mègana woatutu wo ɖa le wò dzime o.
20“Azɔ, vinye, medi be mana nànya be megble ga gbogbo aɖe ɖe Gabael, Gabrias vi si me le Rages le Media-nyigba dzi. 21#Tim I, 6.6-8.Vinye, mègavɔ̃ be míeda ahe o. Kesinɔnu gã nye tɔwò, ne èvɔ̃a Mawu eye nèsína le nuvɔ̃ ɖe sia ɖe nu hewɔa nu si nyo la le Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume.”