رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 45

45
1 # Mos II, 6.28—11.10; 20.1-21. Mawu kple amewo siaa lɔ̃ eyama;
Mose, ame si dzi, ne woɖo ŋkui la, wokafuna lae.
2Ewɔ eyama wòsɔ kple kɔkɔetɔwo le ŋutikɔkɔe me.
Ewɔe wònye gã, henye ŋɔdzi na eƒe futɔwo.
3To eƒe nyawo dzi la, ewɔ nukunuwo kabakaba;
Aƒetɔ la de bubu eyama ŋu le fiawo ŋkume.
Etsɔ sededewo nɛ, wòxɔ vɛ na eƒe dukɔ,
eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiae.
4Le eƒe nuteƒewɔwɔ kple tufafa ta la, ekɔ eyama ŋuti,
hetiae tso amegbetɔƒomea katã me.
5Eɖe mɔ nɛ be wòase yeƒe gbe,
eye wòkplɔe ge ɖe alilikpo dodo la me.
Etsɔ sededeawo nɛ ŋkume kple ŋkume,
agbe kple sidzedze ƒe se la,
ale be wòate ŋu afia nubabla la Yakob,
eye wòafia Israel eƒe seawoe.
Aron
(Mos II, 28.1-43; Mos III, 8.1-36; Mos IV, 16.1-35)
6 # Mos II, 4.14. Edo Aron, ame kɔkɔe abe Mose ene la ɖe dzi.
Enye nɔvia ŋutsu tso Levi-to la me.
7 # Mos II, 28.1-43. Ewɔ nubabla mavɔ kplii,
eye wòtsɔ dukɔa ƒe nunɔlanyenye nɛ.
Eyra eyama kple dukɔkpɔkplɔ ƒe aɖaŋu
eye wòdo bubuwu nɛ.
8Eɖo atsyɔ̃ si de blibo la nɛ
eye wòna wòli ke kple dzesi siwo na ŋusẽ eyama:
awutewui biɖibiɖiwo, awu ʋlaya legbe kple akɔtaɖonu.
9Eƒo xlã eyama kple yevuboɖawo
kpakple sikagavi geɖewo godoo
siwo anɔ ɖiɖim ne wòle zɔzɔm,
be woase woƒe ɖiɖi le gbedoxɔa me,
abe ŋkuɖodzinu ene na yeƒe dukɔ la.
10Aƒetɔ la tsɔ awu ʋlaya kɔkɔe si wotɔ kple sikaka
eye eƒe amadede nye nu blɔ dzĩ kple tsaka kple amadede dzĩ la na Aron., nu si aɖaŋu nulɔ̃la lɔ̃,
Urim kple Tumim siwo nye nyametsonuwo la
le akɔtaɖonua dzi.
11Ka dzĩ dada si aɖaŋudɔwɔlawo da
kple kpe xɔasi siwo dzi aɖaŋudɔwɔlawo ɖe ŋkɔwo ɖo kple sika,
eye wotsɔ wo da ɖe akɔtaɖonua dzi la li,
be woaɖo ŋku Israel-to wui eveawo dzi
si nye aɖaŋuwutɔla ƒe asinudɔ na Aƒetɔ la.
12Sikafiakuku si le eƒe tablanu la dzi
abe nutrenu ene la, woŋlɔ ɖe eŋu be “Kɔkɔenɔnɔ”.
Enye nu tɔxɛ si ŋu aɖaŋudɔwɔla adodoea trɔ asi le,
eye wònyakpɔna na ŋku, elabe woɖo atsyɔ̃ nɛ ale gbegbe.
13Do ŋgɔ na eyama la, nu nyakpɔ siawo tɔgbe aɖeke menɔ anyi o.
Ame bubu aɖeke medo wo kpɔ o,
negbe via ŋutsuwo
kple eƒe dzidzimeviwo ko yi mavɔ me.
14Ele be woatɔ dzo eƒe vɔsawo,
woafiã keŋkeŋ zi eve gbe sia gbe edziedzi.
15 # Mos III, 8.1-36. Mose ye ɖo eyama
eye wòsi ami kɔkɔe nɛ.
Enye nubabla mavɔmavɔ na eyama
kple eƒe dzidzimeviwo, be zi ale si dziƒowo li ko la,
ele be woasubɔ Aƒetɔ la,
asubɔe abe nunɔla ene
eye be wòayra eƒe dukɔ la le eŋkɔ me.
16Etia eyama tso ame gbagbewo katã dome,
be wòawɔ vɔsasa na Aƒetɔ la;
lifi kple ʋeʋẽ lílilĩ abe ŋkuɖodzinu ene,
be woatsɔ alé avu dukɔ la ƒe nuvɔ̃e.
17Le eƒe sededewo me la,
ena ŋusẽ kple ɖoɖowo kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ eyama,
be woafia ɖaseɖiɖiawo Yakob
eye wòana Israel nanya nu tso eƒe se ŋu.
18 # Mos IV, 16.1-35. Egodotɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu,
eye woʋã ŋui le gbedadaƒo la;
Datan kple Abiram kpakple wo yomedzelawo
kple Kora-hawo, le dɔmedzoe kple dziku me.
19Aƒetɔ la kpɔe eye medze eŋu o;
wotsrɔ̃ wo le eƒe dziku helihelĩ me.
Ewɔ nukunuwo ɖe wo ŋu,
tsɔ tsrɔ̃ woe le dzobibi me.
20Egade bubu Aron ŋu
eye wòna domenyinui.
Etsɔ kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔ nɛ,
eye wòwɔ abolo tso kutsetse gbãtɔwo me fũu,
21elabe woɖua Aƒetɔ la ƒe vɔsa
siwo wòtsɔ na eyama kple eƒe dzidzimeviwo.
22 # Mos IV, 18.20; Mos V, 12.12. Gake le dukɔa ƒe anyigba me la, domenyinu aɖeke menɔ esi o,
eye etɔ gome aɖeke menɔ anyi le ameawo dome o;
elabe Aƒetɔ la ŋutɔe nye etɔ gome kple eƒe domenyinu.
Finehas
(Mos IV, 25.7-13)
23 # Mos IV, 25.7-13. Finehas, Eleazar viŋutsu lae nye etɔ̃lia le bubu me,
elabe etsɔ dzo ɖe Aƒetɔ la vɔvɔ̃ ŋu.
Eya tsi tsitre sesĩe, esi dukɔ la ya trɔ,
le dzideƒo sesẽ si le eƒe luʋɔ me ta,
eye wòxe fe ɖe Israel ƒe nuvɔ̃ ta.
24Eya ta wowɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nubabla si li ke la kpakplii,
be ele be wòanye kɔkɔeƒe la kple dukɔ la kplɔla.
Gawu la, ele be nunɔlanyenye ƒe bubu
nanɔ eya kple eƒe dzidzimeviwo si me tegbee.
25Abe ale si wobla nu kple David
Isai vi la tso Yuda-to la me ene,
be fia la ƒe domenyinyi natso viŋutsu si ayi viŋutsu sii la,
nenemae Aron ƒe domenyinyi le na eƒe dzidzimeviwo ɖeɖe ko.
26Azɔ kafu Aƒetɔ la,
ame si ɖɔ fiakuku na wò kple bubu.
Aƒetɔ la nena nunyasusu wò,
be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe dukɔ la,
ale be woƒe dzidzedzekpɔkpɔ nu matso o,
eye be woƒe bubu nate ŋu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.