EKLESIASTIKO 44
44
HADZIDZI TSƆ DE BUBU MÍA TƆGBUIWO ŊU
1Azɔ mina míadzi ha akafu ame xɔŋkɔwo,
mía tɔgbuiwoe, le woƒe dzidzimewo me.
2Aƒetɔ la na bubu gã woamawo,
ɖe eƒe fianyenye tso gɔmedzedzea ke fia.
3Wo dometɔ aɖewo ɖu dzi le woƒe fiaɖuƒewo me,
eye woxɔ ŋkɔ to woƒe kalẽwɔwɔ me;
woawo, ame siwo ɖo aɖaŋu
elabe woƒe tagbɔ kɔ̀;
woawo, ame siwo ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi.
4Woawo, ame siwo kplɔ woƒe dukɔ to woƒe aɖaŋuɖoɖo me
kple to sidzedze woƒe amewo ƒe denunya me;
wonya nu le nya siwo ŋudɔ woawɔ afia nui la ŋu.
5Woawo, ame siwo kpa hadzidziwo
alo ŋlɔ hakpukpuiwo ɖe anyi;
6kesinɔtɔ siwo woyra kple nunɔamesiwo
eye wonɔ woƒe aƒewo me le ŋutifafa me,
7wode bubu ame siawo katã ŋu le woƒe dzidzimewo me,
eye wodà ɖe wo dzi le wo ŋɔli.
8Wo dome ame aɖewo gble ŋkɔ ɖi
ale be ame bubuwo nava kafu wo.
9Gake bubu aɖewo ya la, ŋkuɖoɖo wo dzi aɖeke meli o;
wotsrɔ̃ abe ɖe womenɔ anyi kpɔ kura o ene;
wova zu abe ɖe womedzi wo kpɔ kura o ene,
woawo ŋutɔ kple woƒe megbeviwo siaa.
10Gake ame siawo hã nye mawuvɔ̃lawo,
ame siwo ƒe dɔ dzɔdzɔe wɔwɔ womeŋlɔ be o.
11Woƒe kesinɔnuwo anɔ woƒe dzidzimeviwo si,
eye woƒe domenyinu anɔ wo viwo ƒe viwo si.
12Woƒe dzidzimeviwo lé nubablaawo me ɖe asi;
wo viwo hã nenemaake, le wo ta.
13Woƒe dzidzimewo ayi dzi anɔ anyi tegbee,
eye womatutu woƒe bubu ɖa akpɔ o.
14Woɖi woƒe ŋutilãwo le ŋutifafa me,
gake woƒe ŋkɔwo gale agbe tso dzidzime yi dzidzime.
15Takpekpe la le gbeƒã ɖem woƒe nunya,
eye ameha la le wo kafum.
Henox
(Mos I, 5.24; Heb 11.5)
16 #
Mos I, 5.24; Heb 11.5; Yuda 1.14. Henox ƒe nu dze Aƒetɔ la ŋu eye wokɔe yi dzii,
eya ame si nye kpɔɖeŋu le dzimetɔtrɔ ŋu na dzidzimewo katã.
Noa va do ŋgɔ na Henox
(Mos I, 6.9—9.17)
17 #
Mos I, 6.9—9.17. Wokpɔ Noa be ede blibo eye wònye ame dzɔdzɔe;
le dɔmedzoeɣi la, ena gbetɔƒomea tsi agbe,
eya ta ame aɖewo susɔ ɖe anyigba dzi,
esime tsiɖɔɖɔ la va.
18Wowɔ nubabla mavɔwo kplii
be tsiɖɔɖɔ megale nugbagbe aɖeke tsrɔ̃ ge akpɔ gbeɖe o.
Abraham
(Mos I, 15.1—17.27; 22.1-18)
19 #
Mos I, 15.1—17.27; 22.1-18. Abraham nye tɔ́ gãtɔ na dukɔ geɖewo,
eye womekpɔ ame aɖeke si ŋu bubu le abe eya ene o.
20Ewɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe se dzi
eye wòbla nu kplii;
eɖo kpe nubabla la dzi kple eƒe ŋutilã,
eye esi wodoe kpɔ la, eɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia.
21Eya ta Aƒetɔ la ka atam nɛ, ka ɖe edzi,
be woayra dukɔwo to eƒe dzidzimevi dzi.
Ebe yele ewɔ ge wòasɔ gbɔ abe anyigba ƒe ʋuʋudedi ene,
eye yeakɔ eƒe dzidzime ɖe dzi boo abe ɣletiviwo ene.
Ebe yeana domenyinu wo tso ƒu nu yi ƒu nu
tso Frat-tɔsisi nu yi anyigba ƒe seƒewo ke.
Isak kple Yakob
(Mos I, 26.1-5; 27.1-29)
22 #
Mos I, 17.19; 26.3-5; 27.28; 28.14. Ena kakaɖedzi ma ke Isak hã, le tɔ́a Abraham ta.
Dukɔwo katã ƒe yayra kple nubabla la la,
23ewɔ wo to Yakob dzi.
Ede dzesi eyama kple eƒe yayrawo
eye wòtsɔ eƒe domenyinu nɛ.
Ema esi nye etɔ gome la,
eye wòtsɔ wo na to wui eveawo.
Mose
(Mos II, 6.28—11.10; 20.1-12)
Tso eƒe dzidzimeviwo me la, Aƒetɔ la na mawumeme aɖe do,
ame si kpɔ ŋudzedze le amewo katã ŋkume.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.