رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 46

46
Yosua kple Kaleb
(Yos 6—11)
1 # Yos 1.1—11.23. Yosua, Nun viŋutsu la, nye kalẽtɔ le aʋa me.
Eyae va wɔ dɔ ɖe Mose yome abe Mawu ƒe gbedeasi gbeƒãɖela ene.
Abe ale si eŋkɔ fia ene la, eva zu
Mawu ƒe ame tiatiawo xɔla gãtɔ.
Eyae nye ame si bia hlɔ̃ woƒe futɔ siwo tsi tre ɖe wo ŋu la,
ale be wòate ŋu ana Israel-dukɔ la naxɔ eƒe domenyinu.
2Kpɔ bubu si gbegbe nɔ eŋu esime wòkɔ eƒe asiwo dzi,
eye wònyè eƒe yi ɖe duawo ŋu la ɖa!
3Ame kae nɔ te sesĩe alea kpɔ?
Elabe eyae wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo.
4Ɖe menye eyae na ɣe tɔ te ɖi,
eye ŋkeke ɖeka didi abe eve ene oa?
5Eyae yɔ Dziƒoʋĩtɔ, Ŋusẽtɔ la,
esime futɔwo xaxae ɖo tso akpa sia akpa,
eye Aƒetɔ gã la xɔ nɛ
kple dzikpe si dza ŋusẽtɔe.
6Eyae ɖu dukɔ ma dzi le aʋa me,
eye wòtsrɔ̃ eƒe ketɔwo le to kɔgo,
ale be dukɔwo ate ŋu anya eƒe aʋawɔŋusẽ,
be Aƒetɔ la ŋkumee wòle aʋa wɔm le.
Eya la, Ŋusẽtɔ la yomedzela nuteƒewɔla wònye.
7 # Mos IV, 14.6-10; 11.21; Yos 14.6-11. Le Mose ƒe ŋkekewo me la, eɖe eƒe nyateƒetɔnyenye fia,
eya kple Kaleb, Yefune viŋutsu la:
wotsi tre ɖe ameha la ŋu,
woxe mɔ na dukɔ la be womagawɔ nuvɔ̃ o,
eye wotsi woƒe liʋiliʋililĩ vɔ̃ɖi nu.
8Ame eve siawo ko woɖe ɖi,
tso asrafo afɔzɔla akpe alafa ade me,
be woakplɔ dukɔ la ayi woƒe domenyinu la gbɔ;
anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisím le.
9Aƒetɔ la na ŋusẽ Kaleb,
ŋusẽ sia nɔ esi va ɖo eƒe tsitsime
ale be wòyi togbɛnyigba la dzi
afi si viawo xɔ wòzu woƒe domenyinu,
10ale be Israelviwo katã nate ŋu kpɔ
ale si wònyo be woadze Aƒetɔ la yomee.
Ðelaawo
(Ɖel 1—16; Sam I, 3.19-20)
11 # Ɖel 1.1—16.31. Ðelawo hã, kple woƒe ŋkɔwo wotɔxɛwotɔxɛ,
woawo, ame siwo ƒe dzi metrɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu o,
eye wometrɔ le Aƒetɔ la yome o -
woakafu wo, ne woɖo ŋku wo dzi!
12Woƒe ƒuwo neɖo agbe yeye ɖa, tso afi si womlɔ anyi ɖo,
eye ame siwo ŋu wode bubui la, ƒe ŋkɔwo
negagbɔ agbe le wo viwo me!
13 # Sam I, 3.19, 20; 7.9-11; 10.1; 12.3; 16.13; 28.18, 19. Samuel la, Aƒetɔ la lɔ̃ eƒe nya;
Aƒetɔ la ƒe gbedeasigbeƒãɖela wònye.
Eyae ɖo fiaɖuɖu gɔme anyi
eye wòsi ami na dziɖulawo ɖe eƒe dukɔ nu.
14Eyae drɔ̃ ameha la kple Aƒetɔ la ƒe se la,
eye Aƒetɔ la kpɔ Yakob ta.
15To eƒe nuteƒewɔwɔ me la,
woɖee fia be Mawu ƒe gbeƒãɖela wònye,
eye to eƒe nyawo dzi la, eva zu nukpɔla si dzi woka ɖo.
16Edo gbe ɖa na Aƒetɔ la, Ŋusẽtɔ la,
esime eƒe futɔwo xaxae ɖo, tso akpa sia akpa,
eye wòtsɔ alẽvi si le no nu la sa vɔe.
17Tete Aƒetɔ la ɖe gbe tso dziƒo
eye wòna eƒe gbe ɖi sesĩe kple ŋusẽ wose.
18Ebɔbɔ futɔ siwo nye Tirotɔwo ƒe kplɔlawo
kple Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã ɖe anyi.
19Hafi ɣeyiɣi naɖo ne Samuel nadɔ alɔ̃ mavɔ la,
eɖi ɖase le Aƒetɔ la kple eƒe amesiamina ŋku
me be: “Nyemexɔ nunɔamesi,
abe afɔkpa dodo ɖeka pɛ hã ene
le ame aɖeke si o!”
Ale ame aɖeke metsɔ nya ɖe eŋu o.
20Le eƒe alɔ̃dɔdɔ la megbe gɔ̃ hã la, eɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi
eye wògblɔ fia la ƒe ku nɛ.
Ekɔ gbe dzi tso anyigba me
heɖe gbeƒã be yeaɖe dukɔ la ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye ɖa.