EKLESIASTIKO 4
4
1Vinye, mègaba ame dahewo le nu si dzi woanɔ agbe ɖo la me o,
eye mègana hiãtɔ ƒe ŋku nanɔ asiwò nu kpɔm ʋuu o.
2Mègana dɔwuitɔ nase veve loo,
alo nàdo dziku na ame si hiã tu la o.
3Mègadzi fukpekpe ɖe edzi na ame si le xaxa me la,
alo nàhe ɖe megbe le nunana hiãtɔ ŋu o.
4Mègagbe kukuɖela si le xaxa me la xɔxɔ,
alo atrɔ mo ɖe adzɔge tso ame dahe gbɔ o.
5Mègaɖe ŋku ɖa le hiãtɔ ŋu o,
eye mègana mɔnukpɔkpɔ ame aɖeke be wòaƒo fi ade wò o;
6elabe ne wo dometɔ aɖewo se veve le woƒe luʋɔ me eye woƒo fi de wò la,
wo Wɔla ase woƒe gbedodoɖa.
7Wɔ ɖokuiwò be hame la nalɔ̃ wò;
bɔbɔ ta na amegãwo.
8Se ame dahewo ƒe nya
eye nàɖo woƒe gbedoname ŋu kple bubu.
9Xɔ na ame si wote ɖe anyi la tso ameteɖeanyila la si me;
eye mègahe ɖe megbe le nyametsotso me o.
10Nànye tɔ́ na tsyɔẽviwo,
eye nànɔ abe srɔ̃ŋutsu ene na wo nɔ;
ekema ànɔ abe Dziƒoʋĩtɔ la viŋutsu ene,
eye alɔ̃ wò wu ale si nɔwò lɔ̃ wòe.
Nunya abe nufiala ene
11Nunya fiaa nu viawo
eye wòkpena ɖe ame siwo dinɛ la ŋu.
12Ame si ke lɔ̃e la, lɔ̃ agbe,
eye ame siwo dinɛ tso ŋdi kanya la, dzidzɔ yɔa wo me taŋ.
13Ame si ke lée goŋgoŋ la, nyi ŋutikɔkɔe dome,
eye Aƒetɔ la yraa teƒe si eyama gena ɖo.
14Ame siwo subɔnɛ la, subɔa Kɔkɔetɔ la;
Aƒetɔ la lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ.
15Ame siwo ɖoa toe la, woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo,
eye ame siwo katã ɖoa to sea eƒe nya la, anɔ agbe le dziɖeɖi me.
16Ne wole nuteƒewɔwɔ dzi nɛ la, woanyi eƒe dome;
woƒe dzidzimeviwo hã anyi eƒe dome.
17Elabe gbã la, azɔ kpli wo le mɔ gɔglɔ̃wo dzi;
ahe vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi ava wo dzii,
eye wòawɔ funyafunya wo to eƒe amehehe me,
va se ɖe esime woaɖo dzi ɖe wo ŋu,
alo: va se ɖe esime nuteƒewɔwɔ naxɔ aƒe ɖe wo me.
Eye wòado wo kpɔ kple eƒe sewo.
18Ekema agbugbɔ tẽe ava wo gbɔ ake, ado dzidzɔ na wo,
eye wòagblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na wo.
19Ne wotra mɔ la, agble wo ɖi,
eye wòade wo asi, woatsrɔ̃.
20Nɔ ŋudzɔ na ɣeyiɣi nyuitɔ, eye nàkpɔ nyuie le nuvɔ̃ɖi ŋu;
ame si nènye la, mègakpe ŋu na wò o.
21Elabe ŋukpe aɖe li si kplɔa ame dea nuvɔ̃ me,
eye ŋukpe aɖe hã li si nye ŋutikɔkɔe kple ŋudzedzekpɔkpɔ.
22Mègadé nu gbegblẽ dzi, ne nàwɔ nu vevi wò ŋutɔ ɖokuiwò,
alo nàbɔbɔ ɖokuiwò akpa na wò ŋutɔ wò anyidzedze o.
23Mègagbe nuƒoƒo le ɣeyiɣi si dze la me o,
eye mègaɣla wò nunya o.
24Elabe wodzea si nunya to nuƒoƒo me,
kple hehexɔxɔ to nya si aɖe gblɔna la me.
25Mègaƒo nu tsi tre ɖe nyateƒe ŋu gbeɖe o,
gake wò numanyamanya nekpe ŋu na wò.
26Wò nuvɔ̃wo me ʋuʋu negakpe ŋu na wò o,
eye mègate kpɔ be yeaxe mɔ na tɔ ƒe sísi o.
27Mègade ɖokuiwò bometsila te,
alo nàdé dziɖula dzi o.
28Wɔ avu na nyateƒe se ɖe ku me,
eye Aƒetɔ Mawu la awɔ avu na wò.
29Mègatsi dzi klokloklo le wò nuƒoƒo me loo,
alo awɔ alɔ gblɔdɔ eye màtsɔ ɖeke le wò dɔwɔwɔwo me o.
30Mèganɔ abe dzata ene le wò aƒeme loo,
alo abu naza ɖe wò subɔlawo ŋu o.
31Mègado asi ɖa be yeaxɔ nu,
eye nàmiae le nunaɣi o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.