EKLESIASTIKO 5
5
Mègabu be nu si yesusu la koe le eteƒe godoo o
1Mègaɖo ŋu ɖe wò kesinɔnuwo ŋu loo,
alo agblɔ be: “Nu si le asinye la sɔ gbɔ nam” o.
2Mègakplɔ wò seselelãme kple ŋusẽ ɖo
le nu si wò dzi di la me o.
3Mègagblɔ be: “Ame ka ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzinye?” o,
elabe Aƒetɔ la ahe to na wò godoo.
4 #
Nyagb 8.11. Mègagblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃, gake nu kae dzɔ ɖe dzinye?” hã o,
elabe Aƒetɔ la gbɔa dzi ɖi blewuu le dziku me.
5Mègaka ɖe nuvɔ̃tsɔtsɔke dzi ale gbegbe
be nàwɔ nuvɔ̃ akpe nuvɔ̃ o.
6Mègagblɔ be: “Eƒe nublanuikpɔkpɔ lolo,
atsɔ nye nuvɔ̃ gbogboawo ake” o,
elabe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmedzoe siaa le esi me,
eye eƒe dziku anɔ nuvɔ̃wɔlawo dzi.
7Mègahe ɖe megbe le gbugbɔ yi Aƒetɔ la gbɔ ŋu o,
eye mègahe yiyia ɖe megbe tso ŋkeke yi ŋkeke o;
elabe Aƒetɔ la ƒe dɔmedzoe ava dziwò kpata
eye le toheɣi la, àtsrɔ̃.
8Mègaɖo dzi ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ ŋu o,
elabe maɖe vi na wò le dzɔgbevɔ̃e gbe o.
Nyateƒetoto kple ɖokuidziɖuɖu
9Mègagbɔ nu le ya ɖe sia ɖe nu,
alo azɔ mɔ ɖe sia ɖe dzi o nenemae nuvɔ̃wɔla aɖeeveetɔ le.
10Tsi tre sesĩe ɖe nu si nènya la dzi,
eye nà wò nuƒo nato mɔ ɖeka ɣe sia ɣi.
11Se nya kabakaba,
gake bu tame nyuie le nyaŋuɖoɖo me.
12Ne ènya nya si nàgblɔ la, ɖo nya ŋu na hawòvi;
ke ne mele nenema o la, mègakè nu o.
13Bubu kple amemabumabu dona tso nuƒoƒo me,
eye aɖe ate ŋu ahe gbetɔ ƒe anyidzedze vɛ.
14Mègana woayɔ wò be aɖeeveetɔ o,
eye mègatre mɔ̀ kple wò aɖe o;
elabe ŋukpe léa fiafitɔ
eye wobua fɔ aɖeeveetɔ vevie.
15Le nya gãwo kple nya suewo me la, mègawɔ nu vevi ame aɖeke o,
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.