رفتن به محتوا

Psalmowo 98

98
Mawu, xexea me dziɖula la
(Hadzidzi)
1Midzi ha yeye na Aƒetɔ,
elabe ewɔ nukunuwo!
Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la
na wòɖu dzi.
2Aƒetɔ na wonya eƒe dziɖuɖu,
eɖe eƒe afiatsotso fia le dukɔwo ŋkume.
3Eɖo ŋku eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ
na Israel-dukɔ la dzi.
Anyigba ƒe seƒewo katã kpɔ
mía Mawu ƒe dziɖuɖu.
4Anyigba blibo la katã nedo ɣli
kple dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu;
aseyehawo neɖi le mia nu,
eye midzi kafukafuhawo!
5Midzi kafukafuha na Aƒetɔ ɖe kasaŋku ŋu,
ha neɖi kple kasaŋku kple gbe vivi!
6Neɖi kple dze kpakple kpẽ,
mido dzidzɔɣli le Aƒetɔ Fia la ŋkume.
7Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la,
naɖe gbe,
xexea me kple emenɔlawo hã!
8Tɔɖɔɖɔwo neƒu akpe;
togbɛwo katã nawɔ ɖeka
adzi ha kple dzidzɔ,
9le Aƒetɔ ŋkume,
elabe egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba la.
Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu,
eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo sɔsɔe.