Psalmowo 99
99
Mawu, Fiagãtɔ la
1 #
Mos II, 25.22. Aƒetɔ nye fia, mina dukɔwo nadzo nyànyanya!
Ebɔbɔ nɔ eƒe fiazi dzi le kerubiwo dzi;
mina anyigba naʋuʋu kpèkpekpe.
2Aƒetɔ lolo le Zion;
ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.
3Na woakafu wò ŋkɔ gã dziŋɔ la!
Ele kɔkɔe!
4Fia triakɔ, ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe lɔ̃la,
wòe ɖo nu sɔsɔe wɔwɔ gɔme anyi;
wòe drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
eye nèwɔ nu dzɔdzɔe le Yakob.
5Mido Aƒetɔ, mía Mawu la ɖe dzi,
eye misubɔe le eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ!
Ele kɔkɔe!
6Mose kple Aron nɔ eƒe nunɔlawo dome,
Samuel hã nɔ ame siwo subɔe la dome.
Wodo ɣli yɔ Aƒetɔ,
eye wòtɔ na wo.
7 #
Mos II, 33.9. Eƒo nu na wo le alilikpododo me;
wolé eƒe ɖaseɖiɖiwo
kple se siwo wòde na wo la, me ɖe asi.
8O Aƒetɔ, mía Mawu, wòe tɔ na wo;
Mawu si tsɔa vɔ̃ kena la nènye na wo,
ke èbiaa hlɔ̃ wo ne wowɔ nu gbegblẽ.
9Mido Aƒetɔ, mía Mawu la, ɖe dzi,
eye misubɔ le eƒe to kɔkɔe la dzi;
elabe Aƒetɔ, mía Mawu la, le kɔkɔe!
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.