رفتن به محتوا

Psalmowo 97

97
Mawu, Dziɖula gãtɔ la
1Aƒetɔ nye fia; mina anyigba natso aseye;
mina ƒutanyigba geɖewo nakpɔ dzidzɔ!
2Alilikpowo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlãe;
nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple afia nyui tsotsowoe
nye eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖoɖo.
3Dzo le bibim le eŋgɔ,
eye wòfiã eƒe ketɔwo godoo.
4Eƒe dzikedzowo klẽ ɖe xexea me
anyigba kpɔe, dzo nyànyanya;
5Towo lólo abe anyiŋɔ ene
le Aƒetɔ ŋkume,
le anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋkume.
6Dziƒowo ɖea gbeƒã eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
eye dukɔwo katã kpɔa eƒe ŋutikɔkɔe.
7Woado ŋukpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã,
ame siwo tsɔa legba maɖinuwo ƒoa adegbee;
mawuwo katã dea ta agu le eŋgɔ.
8Zion see, eye dzi dzɔe;
Yuda vinyɔnuwo tso aseye,
o Mawu, le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta.
9Elabe wò Aƒetɔ ye ƒo nuwo katã ta
le anyigba blibo la dzi.
ȃo mawuwo katã ta sãa.
10Aƒetɔ lɔ̃a ame siwo lé fu nuvɔ̃ɖi,
edzraa eƒe ame kɔkɔewo ƒe agbe ɖo,
eɖea wo tso nuvɔ̃ɖi wɔlawo si me.
11Kekeli do na nu dzɔdzɔe wɔlawo
eye dzidzɔ do na ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
12Mi nu dzɔdzɔe wɔlawo,
mitso aseye ɖe Aƒetɔ ŋu,
eye mida akpe le eŋkɔ kɔkɔe la ta!