Psalmowo 96
96
Mawu, Fiagãtɔ la
1Midzi ha yeye na Aƒetɔ;
anyigba blibo la katã,
midzi ha na Aƒetɔ!
2Midzi ha na Aƒetɔ, mikafu eŋkɔ;
miƒo nu tso eƒe xɔname ŋu
tso ŋkeke yi ŋkeke.
3Miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe
le dukɔwo dome
kple eƒe nukudɔwɔwɔwo
le anyigba dzi dukɔwo dome!
4Elabe Aƒetɔ lolo,
eye wòdze kafukafu gã;
edze be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
5Elabe dukɔwo ƒe mawuwo katã
nye legbawo;
ke Aƒetɔ ye wɔ dziƒowo.
6Bubu kple fianyenye le eŋkume;
ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la.
7 #
Ps 29.1, 2. O, mi dukɔwo ƒe ƒomewo,
mitsɔe na Aƒetɔ!
mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Aƒetɔ;
8Mitsɔ bubu si dze Aƒetɔ ŋkɔ la nɛ;
mitsɔ vɔsa vɛ, eye miva eƒe xɔxɔnuwo!
9Misubɔ Aƒetɔ le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me,
anyigba blibo la nedzo nyànyanya
le eŋkume.
10Migblɔ le dukɔwo dome be:
“Aƒetɔ ye nye fia!
Ẽ, xexea me li ke, maʋã akpɔ o;
adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo sɔsɔe.”
11Mina dziƒowo nakpɔ dzidzɔ,
eye mina anyigba natso aseye;
mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la
naɖe gbe.
12Mina agble kple agblemenuwo katã
natso aseye!
Ekema avemetiwo katã adzi ha kple dzidzɔ,
13le Aƒetɔ ŋkume, elabe egbɔna,
elabe egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba la.
Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu,
eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.