رفتن به محتوا

Psalmowo 95

95
Kafukafuha
1Miva, mina míadzi ha na Aƒetɔ;
mina míado dzidzɔɣli
ɖe mía xɔnamegakpe la ŋu!
2Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada;
mina míado dzidzɔɣli ɖe eŋu
kple kafukafuhawo!
3Elabe Mawu gãe nye Aƒetɔ
kple Fiagã si ƒo mawuwo katã ta.
4Eya si mee anyigba ƒe globoƒewo le;
etɔe nye towo ƒe tsutsɔẽƒewo hã.
5Etɔe nye atsiaƒu, elabe eyae wɔe,
elabe eƒe asiwoe wɔ anyigba ƒuƒu la.
6O, miva, mina míade ta agu nɛ, asubɔe,
mina míadze klo ɖe Aƒetɔ, mía Wɔla ŋkume!
7 # Heb 3.7-11. # Heb 3.15; 4.7. Elabe eyae nye mía Mawu,
eye míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe
kple alẽ siwo le esi me.
O, ne ɖe miaɖo to eƒe gbe egbe ɖe!
8 # Mos II, 17.1-7; Mos IV, 20.2-13. Migasẽ miaƒe dzime abe le Meriba
kple gbe ma gbe le Masa,
le gbedadaƒo la ene o.
9Ɣe ma ɣie mia tɔgbuiwo tem kpɔ, dom kpɔ;
togbɔ be wokpɔ dɔ siwo mewɔ va yi la hã.
10Ƒè bla ene sɔŋ medo ŋunyɔ dzidzime ma,
eye megblɔ be:
“Wonye dukɔ si daa vo le dzime,
eye womedea bubu nye mɔwo ŋu o.”
11 # Mos IV, 14.20-23; Mos V, 1.34-36; Heb 4.3, 5; Mos V, 12.9, 10. Eya ta meka atam le nye dziku me be:
ne woade nye gbɔɖemeƒe la fĩi!