رفتن به محتوا

Psalmowo 86

86
Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
(David ƒe gbedodoɖae)
1Aƒetɔ, ɖo tom,
eye nàtɔ nam,
elabe hiã tum, eye meda ahe.
2Dzra nye agbe ɖo
elabe mevɔ̃a Mawu.
Xɔ na wò dɔla,
si ɖoa dzi ɖe ŋuwò.
Wòe nye nye Mawu.
3Aƒetɔ, ve nunye
elabe wòe mele ɣli dom na ŋkeke bliboa.
4Do dzidzɔ na wò dɔla ƒe luʋɔ
elabe Aƒetɔ, wòe mekɔ nye luʋɔ dzi na.
5Elabe Aƒetɔ, wò dɔme nyo,
eye nètsɔa nu kena.
Amenuveve bɔ ɖe asiwò
na ame siwo katã yɔa wò la.
6Aƒetɔ, se nye gbedodoɖa,
eye nàlé to ɖe nye kokoƒoɣli ŋu.
7Le nye xaxagbe la, meyɔa wò
elabe etɔna nam.
8Aƒetɔ, mawu aɖeke
mele abe wò ene loo,
alo dɔwɔwɔ aɖeke naɖi tɔwò o.
9 # Nyaɖ 15.4. Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la,
ava de ta agu na wò,
eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.
10Elabe èlolo,
eye nèwɔa nukunuwo;
wò ɖeɖe koe nye Mawu.
11Aƒetɔ, fia wò mɔm
ne mazɔ le wò nyateƒe la me.
Tsɔ nye dzi ɖo wò ɖeka ko ŋu,
ne mavɔ̃ wò ŋkɔ.
12Aƒetɔ, nye Mawu, meda akpe na wò
tso dzi blibo me;
makafu wò ŋkɔ tegbee.
13Elabe wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye;
wòe ɖe nye luʋɔ tso tsiẽƒe ʋĩi ke.
14Mawu, amemabulawo tso ɖe ŋunye;
ŋutasẽlawo ƒe ha le nye agbe yome tim,
mèɖi naneke le wo ŋkume o.
15Gake Aƒetɔ, wò la, Mawu nublanuikpɔla
kple amenuvela nènye.
Ègbɔa dzi blewuu,
vea ame nu, wɔa nuteƒe geɖe.
16Trɔ ɖe ŋunye,
eye nàkpɔ nublanui nam.
Na wò ŋusẽ wò dɔla,
eye nàxɔ na wò dɔlanyɔnu vi la.
17Fia wò amenuveve ƒe dzesi aɖem,
ne ame siwo lé fum la nakpɔe,
eye ŋu nakpe wo.
Elabe wò Aƒetɔ ye kpe ɖe ŋunye,
eye nèfa akɔ nam.