رفتن به محتوا

Psalmowo 87

87
Le Yerusalem kafukafu ŋuti
(Hadzidzi. Korax viwo ƒe hae)
1Eɖo eƒe du la gɔme anyi
ɖe to kɔkɔe la dzi.
2Aƒetɔ lɔ̃ Zion ƒe agbowo
wu nɔƒe siwo katã le Yakob.
3Mawu ƒe du, wogblɔ nya nyuiwo
le ŋuwò. (Tɔ vie)
4Raxab kple Babilonia le dukɔ
siwo nyam la dome.
Kpɔ ɖa, Filistitɔwo, Tirotɔwo
kple Etiopiatɔwo ya la,
amewo gblɔna be:
“Ame sia la, wodzii ɖe afi ma.”
5Woagblɔ le Zion ŋu be:
“Wodzi ame sia kple ame kemɛ ɖe eme.”
Elabe Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ ana wòali ke.
6Aƒetɔ de dukɔwo agbalẽ me be:
“Wodzi ame sia ɖe afi ma.” (Tɔ vie)
7Hadzilawo kple ɣeɖulawo siaa agblɔ be:
“Mewòe nye nu nyuiwo dzɔ tso.”