Psalmowo 85
85
Gbedodoɖa hena dukɔa ƒe nyonyo
(Na hadzihakplɔla. Korax viwo ƒe hae)
1Aƒetɔ, ève wò anyigba nu,
eye nègbugbɔ Yakob ƒe kesinɔnuwo nɛ.
2Wòe tsɔ wò dukɔ ƒe vodada kee,
wòe tsɔ woƒe nuvɔ̃wo katã ke wo. (Tɔ vie)
3Wòe dzudzɔ dɔmedzoedodo;
wòe ɖe asi le dziku helihelĩ ŋu.
4O Mawu, míaƒe xɔnametɔ, gaɖo mí te,
eye mègado dziku ɖe mía ŋu o.
5Ɖe nàdo dziku ɖe mía ŋu tegbeea?
Ɖe wò dziku anɔ anyi ɖaa
tso dzidzime yi dzidzimea?
6Ko màgagbɔ agbe mí
ne wò dukɔ nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?
7Aƒetɔ, na míakpɔ wò amenuveve la,
eye nàxɔ na mí.
8Na mase nya si gblɔ ge
Mawu, Aƒetɔ ala,
elabe agblɔ ŋutifafanya na eƒe dukɔ,
na eƒe ame kɔkɔewo
kple ame siwo trɔ ɖe eŋu le dzime la.
9Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ
ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ
ale be ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba la dzi.
10Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ
ado go wo nɔewo;
nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ŋutifafa
agbugbɔ nu na wo nɔewo.
11Nuteƒewɔwɔ amie tso anyigba me,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ akpɔ nu le anyigba
tso dziƒo.
12Ẽ, Aƒetɔ ana nu nyuiwo nava,
eye míaƒe anyigba ƒe kutsetse adzi ɖe edzi.
13Nu dzɔdzɔe wɔwɔ adze eŋgɔ,
eye wòata mɔ na eƒe afɔtoƒe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.