Psalmowo 84
84
Didi vevie hena Mawu ƒeme nɔnɔ
(Ha si Korax viwo kpa na hadzihakplɔla. Woatsɔ Giti viwo ƒe gbeɖiɖi adzii)
1Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, wò nɔƒe
sɔ nam loo!
2Ẽ, gege ɖe Aƒetɔ ƒe xɔxɔnu
le nye luʋɔ dzrom vevie.
Nye ameti blibo la mele ha dzim dzidzɔtɔe
ɖe Mawu gbagbe la ŋu.
3Atsutsrɔe gɔ̃ hã kpɔa nɔƒe,
eye sagbadre wɔa atɔ ɖi na eɖokui
afi si wòatsɔ viawo aɖoe
le wò vɔsamlekpuiwo gbɔ, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla,
nye Fia kple nye Mawu.
4Woyra ame siwo nɔa aƒewò me
dzia ha, kafua wò ɣe sia ɣi. (Tɔ vie)
5Woyra ame siwo xɔa ŋusẽ tso gbɔwò,
eye woƒe dzi le Zion-mɔ gãwo ŋu.
6Ne woto Aɖatsi Bali la me la,
wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe;
tsidzadza gbãtɔwo wɔnɛ táwo nɔƒee.
7Woƒe ŋusẽ le dzidzim ɖe edzi.
Woakpɔ mawuwo ƒe Mawu la
le Zion.
8Aƒetɔ, Mawu, Aʋakɔwokplɔla,
se nye gbedodoɖa.
Yakob ƒe Mawu, see! (Tɔ vie)
9Mawu, kpɔ míaƒe akpoxɔnu la ɖa!
Kpɔ wò amesiamina la ƒe mo!
10Elabe wò xɔxɔnunɔnɔ ŋkeke ɖeka nyo wu
afi aɖe nɔnɔ ŋkeke akpe ɖeka.
Medi be manye mɔnudzɔla le wò aƒeme
wu esi manɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔ me.
11Elabe Aƒetɔ, Mawu nye ɣe kple akpoxɔnu.
Enyoa dɔme,
eye wòdea bubu ame ŋu.
Ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe la,
Aƒetɔ metea nu nyui wo o.
12Aƒetɔ Aʋakɔwokplɔla, woyra ame
si ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la!
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.