رفتن به محتوا

Psalmowo 8

8
Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu si le amegbetɔ ŋu
(David ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii ɖe Gatitɔwo ƒe hadzidzi nu)
1Aƒetɔ, mía Aƒetɔ, atsyɔ̃ le wò ŋkɔ ŋu
le anyigba blibo la dzi loo!
Wò si na wò ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta,
ha le ɖiɖim le ŋuwò
2 # Mat 21.16. le vidzĩwo kple ɖeviwo nu.
Èna wò ŋusẽ li ke le wò ketɔwo ta,
be ɖoɖoe nazi le futɔ la
kple hlɔ̃biala la nu.
3Ne mekpɔ wò dziƒowo,
dɔ siwo wò asiwo wɔ,
ɣleti kple ɣletivi,
siwo nèɖo anyi la,
4 # Hiob 7.17, 18; Ps 144.3; Heb 2.6-8. nu kae nye amegbetɔ
be nèbua eŋu
kple amegbetɔ vi
be nèléa be nɛ?
5 # Nya 2.23; Sir 17.1-4. Ke nèwɔe wòsɔ kple Mawu kloe,
eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ
abe fiakuku ene.
6 # Kor I, 15.27; Efes 1.22; Heb 2.8. Èna wòɖu wò asinudɔwɔwɔwo katã dzi,
eye nètsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te:
7alẽwo kple nyitsuwo katã
kpakple gbemelãwo hã,
8dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo
kpakple nu sia nu si zɔa atsiaƒu me.
9Aƒetɔ, mía Aƒetɔ, atsyɔ̃ le wò ŋkɔ ŋu
le anyigba blibo la dzi loo!