رفتن به محتوا

Psalmowo 7

7
Gbedodoɖa hena ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe
(David ƒe konyifahae. Edzii na Aƒetɔ, le Benyamintɔ Nubia ƒe nyawo ta)
1O Aƒetɔ, nye Mawu, mewòe mebè ɖo;
xɔm ɖe agbe tso yonyemetilawo katã si me, eye nàɖem.
2Ne menye nenema o la,
woavuvum abe dzata ene,
ahem adzoe,
eye ame aɖeke maxɔ nam o.
3O Aƒetɔ, nye Mawu, ne mewɔ nu siawo:
ne nye asiwo wɔ nu gbegblẽ aɖe,
4ne mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye aɖe ŋu,
alo ha nye futɔ aɖe ƒe nu madzemadzee la,
5ekema na futɔ la nati yonyeme,
eye wòalém;
na wòafanyam ɖe anyigba,
eye wòaté nye ŋutilã ɖe ke me! (Tɔ vie)
6Tsi tre, Aƒetɔ, le wò dziku me;
tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋu.
Nye Mawu, nyɔ,
wò ame si ɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi la!
7Na dukɔwo ƒe amehawo naƒo ƒu,
aƒo xlã wò.
To wo dzi nàgbugbɔ ayi
aɖanɔ wò zikpui dzi le dziƒo.
8Aƒetɔ drɔ̃a ʋɔnu dukɔwo.
Aƒetɔ, drɔ̃ ʋɔnum
ɖe nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple fɔmaɖimaɖi si le menye la nu.
9 # Nyaɖ 2.23. Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso;
ke li ke ame dzɔdzɔe la;
wò si doa susuwo kple dziwo kpɔna,
wò Mawu dzɔdzɔetɔ la.
10Nye akpoxɔnu le Mawu si,
eya ame si xɔna
na ame siwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
11Mawue nye ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la.
Enye Mawu si dzi kuna gbe sia gbe.
12Ne ame aɖe metrɔ dzime o la,
Mawu anyre eƒe yi;
ele adeklo dzi,
eye wòvu eƒe da me ɖi.
13Etrɔ asi le eƒe lãnu
wuameawo ŋu da ɖi,
eye wòdra dzo eƒe aŋutrɔwo.
14Kpɔ ɖa, nuvɔ̃ɖi wɔla fɔa nuvɔ̃ɖi ƒe fu;
nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe fue nɔa eƒo,
eye wòdzia alakpa.
15Eɖe ʋe, ha eme,
eye wòge dze do si wòɖe la me.
16Eƒe nu gbegblẽ wɔwɔ la
trɔ va dze eya ŋutɔ ƒe ta dzi,
eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze
eya ŋutɔ ƒe dzodome.
17Mada akpe si dze Aƒetɔ,
le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta, la nɛ.
Madzi ha akafu Aƒetɔ, Dziƒoʋĩtɔ la ŋkɔ.