رفتن به محتوا

Psalmowo 9

9
Akpedada na Mawu le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ta
(David ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii ɖe ha “Ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu)
1Mada akpe na Aƒetɔ
kple nye dzi blibo;
maxlẽ wò nukudɔwo katã afia.
2Makpɔ dzidzɔ,
eye dzi adzɔm ɖe ŋuwò.
Madzi ha akafu wò ŋkɔ,
wò Dziƒoʋĩtɔ la.
3Esi nye futɔwo trɔ gbugbɔ yi megbe la,
wodze anyi,
eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me;
4elabe èhe nye nya dzɔdzɔe ɖe go.
Èbɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi,
eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
5Èhe nya ɖe dukɔwo ŋu;
ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo,
eye nètutu wo ŋkɔ ɖa
yi mavɔmavɔ me.
6Futɔwo tsrɔ̃, vɔ ɖa tegbee.
Ègbã woƒe duwo, wozu aƒedo;
ŋkuɖoɖo wo dzi megali o.
7Ke Aƒetɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazi dzi tegbee.
Eɖo eƒe fiazikpui anyi glì ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu.
8Edrɔ̃a ʋɔnu xexea me
ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu,
eye wòtsoa nya me na dukɔwo sɔsɔe.
9Aƒetɔ nye mɔ́ sesẽ
na ame siwo wote ɖe anyi la;
mɔ́ sesẽe wònye le xaxaɣiwo me.
10Ame siwo dze si wò ŋkɔ la,
ɖoa dzi ɖe ŋuwò,
elabe wò Aƒetɔ, mèŋlɔa ame
siwo dia wò la be o.
11Midzi kafukafuha na Aƒetɔ,
ame si le Zion!
Miɖe gbeƒã eƒe dɔwɔwɔwo
le dukɔwo dome!
12Elabe eya ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la,
ɖoa ŋku wo dzi,
eye meŋlɔa hiãtɔwo ƒe ɣlidodo be o.
13 # Nya 16.13. O Aƒetɔ, ve nunye!
Kpɔ ale si mele fu kpem
le ame siwo lé fum la si mee la ɖa.
Wòe kɔm ɖe dzi
tso ku ƒe agbowo me
14be makafu wò
le Zion vinyɔnu ƒe agbowo me.
Matso aseye le ale si nèɖem la ta.
15Dukɔwo ge dze do
si woɖe ɖi la me,
eye ɖɔ si woɖo ɖi la,
ɖe woawo ŋutɔ ƒe afɔ.
16Aƒetɔ ɖe eɖokui fia,
eye wòdrɔ̃ ʋɔnu.
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo
zu mɔ̀ ɖe woawo ŋutɔ. (Miyro saŋkuawo. Tɔ vie)
17Ame vɔ̃ɖiwo ayi tsiẽƒe;
dukɔ siwo katã ŋlɔ Mawu be la hã ayi.
18Elabe womaŋlɔ hiãtɔwo be ɣeawo katã ɣi o,
eye ame dahewo ƒe mɔkpɔkpɔ mabu tegbee o.
19O Aƒetɔ, tso!
Mègana amegbetɔ naɖu dzi o.
Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo
le ŋkuwò me!
20Aƒetɔ, do ŋɔdzi na wo!
Na dukɔwo nadze sii
be amegbetɔ ko yewonye! (Tɔ vie)