رفتن به محتوا

Psalmowo 76

76
Mawu, Dziɖula la
(Hadzidzi. Asaf ƒe ha na kasaŋkuwo ƒe hadzihakplɔla)
1Wonya Mawu le Yuda;
eŋkɔ lolo le Israel.
2Woɖo eƒe agbadɔ gɔme anyi ɖe Salem;
enɔƒe le Zion.
3Afi ma wòŋe aŋutrɔ si le ʋɔ lum,
akpoxɔnu kple yi
kpakple aʋawɔnuwo le. (Tɔ vie)
4Èle keklẽm;
èɖo atsyɔ̃ wu blematowo.
5Woha nu le aʋakalẽawo si;
woyi alɔ̃ me ʋĩi,
abɔ fa le ŋutsuwɔlawo katã ŋu.
6Yakob ƒe Mawu, esi nèblu la,
sɔdola kple sɔ siaa dze anyi, ku ƒenyi.
7Ke wò la, ŋɔdzi le ŋuwò!
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò,
ne dzi ku wò?
8Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒowo;
vɔvɔ̃ ɖo anyigba,
eye wòzi ɖoɖoe;
9esime Mawu tso be yeaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi,
ne wòaxɔ na ame siwo katã
wote ɖe anyi le anyigba dzi la. (Tɔ vie)
10Nyateƒee, amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe
akafu wò,
eye dɔmedzoe susɔea nàtsɔ abla ali dzii.
11Miɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, mia Mawu,
eye miwɔ edzi.
Mina ame siwo katã ƒo xlãe godoo
natsɔ nunanawo vɛ nɛ,
na eya ame si wòle be woavɔ̃.
12Eyae tsia amegãwo ƒe gbɔgbɔ nu,
eye wònye ŋɔdzi na anyigba dzi fiawo.