Psalmowo 77
77
Akɔfafa le xaxaɣi
(Asaf ƒe ha na hadzihakplɔla Yedutun)
1Medo ɣli sesĩe na Mawu,
sesĩe na Mawu,
be wòate ŋu ase ŋkɔnye.
2Le nye xaxagbe la, medi Aƒetɔ la.
Le zã me la, meke nye abɔwo me ʋuu,
abɔawo mele kuyem o;
nye luʋɔ gbe be womafa akɔ nɛ o.
3Mebu Mawu ŋu,
fa konyi, de ŋugble,
eye nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ. (Tɔ vie)
4Èke nye ŋku ɖe te,
metsi dzodzodzoe,
ale be nyemate ŋu aƒo nu o.
5Mele blemaŋkekewo ŋu bum.
Meɖo ŋku gbe aɖe gbe ƒewo dzi.
6Meƒo nu kple nye dzi le zã me.
Meyi ŋugble me,
eye medzro nye gbɔgbɔ me.
7“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbee,
eye magave ame nu gbeɖegbeɖe oa?
8Ɖe eƒe amenuveve nu yi ɖikaa?
Ɖe eƒe ŋugbedodowo nu tsi
le ɣeyiɣiwo katã mea?
9Ɖe Mawu ƒe ŋku dzo le edzi be,
wòave ame nua?
Ɖe wòdo ʋɔ ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ nu
le dziku mea? (Tɔ vie)
10Mebe: “Nye vevesese tae
Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi trɔ ɖo.”
11Maɖo ŋku Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔwo dzi;
ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi.
12Mabu tame le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu,
eye made ŋugble le wò ŋusẽdɔwo ŋu.
13Mawu, wò mɔ le kɔkɔe.
Mawu kae lolo abe mía Mawu la ene?
14Wòe nye Mawu, ame si wɔa nukunuwo.
Wòe ɖe wò ŋusẽ fia
le dukɔwo dome.
15Wòe ɖe wò dukɔ la,
Yakob viwo kple Yosef viwo kple wò abɔ. (Tɔ vie)
16Mawu, esi tsiwo kpɔ wò,
esi tsiwo kpɔ wò la, wovɔ̃;
ẽ, tɔ goglowo gɔme ke dzo kpèkpekpe!
17Alilikpo ɖuɖu tsi yoo;
dziŋgɔli ɖe gbe;
wò aŋutrɔwo ɖo ta afi sia afi.
18Wò gbeɖeɖe ɖi le yali me,
wò dzikedzo na xexea me kɔ;
anyigba ʋuʋu, dzo kpèkpekpe.
19Wò mɔ to atsiaƒu me;
wò toƒe le tɔ gãwo me,
ke womekpɔ wò afɔtoƒewo o.
20Wòe kplɔ wò dukɔ abe alẽha ene
to Mose kple Aron ƒe asi dzi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.