Psalmowo 75
75
Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la
(Asaf ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Hadzidzi)
1Míeda akpe na wò, Mawu.
Míeda akpe.
Míeyɔ wò ŋkɔ,
eye míele wò nukudɔwɔwɔwo xlẽm fia.
2Le ɣeyiɣi si meɖo ɖi la dzi la,
madrɔ̃ ʋɔnu sɔsɔe.
3Ne anyigba ʋuʋu,
eye edzinuwo katã dzo nyànyanya la,
nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe te. (Tɔ vie)
4Megblɔ na adegbeƒolawo be:
“Migaƒo adegbe o,”
eye na ame vɔ̃ɖiwo be:
“Migakɔ miaƒe dzo ɖe dzi o!
5Migakɔ miaƒe dzo ɖe dzi gladzaa loo,
alo alia kɔ anɔ nya gblɔm amemabutɔe o!”
6Elabe menye ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe
alo gbedadaƒoe dodoɖedzi tsona o;
7ke boŋ Mawue drɔ̃a ʋɔnu.
Eyae bɔbɔa ame si ɖe anyi,
eye wodoa ame kemɛ ɖe dzi.
8Elabe kplu le Aƒetɔ si me,
eye wain si wotɔtɔ nyuie la, te fu ɖe eme,
Aku aha tso eme,
eye anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã
anoe ƒiaƒiaƒia akpɔ egɔme.
9Ke nye la, matso aseye tegbee,
eye madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la.
10Aŋe#75.10: AŊE: Hebri-gbe la be, maŋe. ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo katã ɖa;
ke woado ame dzɔdzɔewo ya ƒe dzowo ɖe dzi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.