رفتن به محتوا

Psalmowo 74

74
Gbedodoɖa hena dukɔ la ɖeɖe
(Asaf ƒe nufiamehae)
1Mawu, nu ka ta nègbe mí ɖikaa?
Nu ka tae wò dɔmedzoe le dzudzɔ tum
ɖe alẽhawo ŋu le wò lãnyiƒe?
2Ɖo ŋku wò ameha,
si nèxɔ ƒle le blema,
eye nèɖee be wòanye to,
si anye wò domenyinu la dzi.
Ɖo ŋku Zion-to si dzi nènɔ la dzi!
3Ɖe afɔ ɖo ta gli,
siwo mu ɖi tegbee la gbɔ.
Futɔ la gblẽ nu sia nu le kɔkɔeƒe la.
4Wò ketɔwo blu
le wò kɔkɔeƒe la titina.
Woɖo woawo ŋutɔ ƒe dzesiwo ɖi
ne woanye dzesiwo.
5Ele abe ame aɖe si kɔ fía dzi
le ave dodo me ene,
6eye wòtsɔ fía kple zu gbã eƒe ati,
siwo katã ŋu wòwɔ aɖaŋu ɖo la ene.
7Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la,
eye wògblẽ kɔ ɖo na wò ŋkɔ nɔƒe la
va se ɖe anyigba ke.
8Wogblɔ na wo ɖokui be:
“Míele wo katã bɔbɔ ge ɖe anyi!”
Wotɔ dzo Mawu ƒe takpeƒewo katã
le anyigba la dzi.
9Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o.
Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke megali o,
eye ame aɖeke mele mía dome
anya ɣe si ɣi wòase ɖo o.
10Mawu, ɣe ka ɣi ketɔ la aɖu fewu ase ɖo?
Ɖe futɔ la anɔ vlo dom wò ŋkɔ yi mavɔ mea?
11Nu ka ta nèhe asi ɖe megbe ɖo?
Nu ka ta nèbla wò nuɖusi ɖe akɔ nu?
12Evɔ Mawu nye Fia tso blema ke,
eye wòle xɔnamedɔ wɔm le anyigba titina.
13 # Mos II, 14.21. Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu mee;
wòe gbã ʋɔdribawo ƒe ta le tɔwo dzi.
14 # Hiob 41.1; Ps 104.26; Yes 27.1. Èkaka Livyatan la ƒe ta,
eye nètsɔe wɔ nuɖuɖu na nu gbagbewo le gbedadaƒo.
15Wòe na tsidzɔƒewo kple tɔʋuwo ŋɔ,
eye nèna tɔ mamiemamiewo mie.
16Tɔwòe nye ŋkeke;
tɔwò kee nye zã.
Wòe ɖo nu keklẽwo kple ɣe anyi.
17Wòe ɖo anyigba ƒe liƒowo katã;
wòe wɔ dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli.
18Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si futɔ la
le fewu ɖumee
kple ale si dukɔ mavɔ̃mawu la
le dzuwòmee.
19Mègatsɔ wò ahɔnɛ ƒe luʋɔ
de asi na gbemelãwo o;
mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe agbe be
yi mavɔ me o.
20Ɖo ŋku wò nubabla la dzi!
Elabe teƒe doviviti siwo le anyigba dzi la,
yɔ fũu kple ŋutasesẽ nɔƒewo.
21Mègana woado ŋukpe
ame siwo wote ɖe anyi la o.
Na hiãtɔwo kple ame dahewo
nakafu wò.
22Mawu, tso nàʋli ɖokuiwò ta!
Ɖo ŋku ale si dukɔ mavɔ̃mawu la
le fewu ɖum le ŋuwò ŋkeke blibo la!
23Mègaŋlɔ wò ketɔwo ƒe zitɔtɔ be o;
mègaŋlɔ wò futɔwo ƒe hoowɔwɔ
si le dzi dem edziedzi la be o!