رفتن به محتوا

Psalmowo 6

6
Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu le xaxaɣi
(David ƒe ha na hadzihakplɔla la. Woadzii kple kasaŋku gbe gãtɔwo)
1 # Ps 38.1. Aƒetɔ, mègaka mo nam
le wò dziku me o,
alo nàhe to nam
le wò dɔmedzoe me o.
2Aƒetɔ, ve nunye
elabe nu te ŋunye mezu belibeli.
Aƒetɔ, da gbe le ŋunye
elabe nye ƒuwo le fu kpem.
3Nye luʋɔ hã le fu kpem ale gbegbe!
Ke Aƒetɔ, ɣe ka ɣi malala ase ɖo?
4Aƒetɔ, trɔ ɖe ŋunye
nàxɔm ɖe agbe.
Ɖem le wò amenuveve la ta.
5Elabe le ku me la,
ŋkuɖoɖo dziwò meli o.
Ame kae akafu wò le tsiẽƒe?
6Meɖea hũ ʋuu ɖeɖi tea ŋunye;
nye aɖatsi ƒoa nye aba belee zã sia zã,
eye nye avifafa nana be nye mlɔƒe ƒoa tsi.
7Vevesese na nye ŋkuwo lé ayi;
wogbɔdzɔ le nye ketɔwo ta.
8 # Mat 7.23; Luk 13.27. Mi nuvɔ̃ɖi wɔlawo katã,
mite ɖa le gbɔnye;
elabe Aƒetɔ se nye avigbe la.
9Aƒetɔ se nye kokoƒoƒo.
Aƒetɔ xɔ nye gbedodoɖa.
10Ŋu akpe nye futɔwo katã,
eye woakpe fu vevie.
Woagbugbɔ,
eye woƒe mo atsi dãa enumake.