رفتن به محتوا

Psalmowo 64

64
Gbedodoɖa hena ametakpɔkpɔ
(David ƒe ha na hadzihakplɔla)
1Mawu, se nye gbe,
le nye konyifafa me;
dzra nye agbe ɖo tso futɔ la
ƒe ŋɔdzidoname me.
2Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbe
si woɖo le adzame la gbɔ,
tso nuvɔ̃ɖi wɔlawo
ƒe tameɖoɖo vɔ̃wo me.
3Ame siwo nyre woƒe aɖe abe yi ene,
ame siwo daa nya vevewo ame
abe aŋutrɔwo ene,
4wodea xa daa nu ame maɖifɔ,
wodanɛ kpata vɔvɔ̃ manɔmee.
5Woléa woƒe taɖodzinuvɔ̃ɖi la ɖe asi goŋgoŋ;
woƒoa nu tso ale si woatre mɔ̀wo le adzame ŋu,
hegblɔna na wo ɖokui be:
“Ame kae ate ŋu akpɔ mí?
6Ame kae aku míaƒe hlɔ̃donuwo gɔme?
Míedze aye ŋutɔ le míaƒe nugbeɖoɖowo me.”
Elabe amegbetɔ ƒe susu kple dzime goglo.
7Ke Mawu ada eƒe aŋutrɔ wo,
woaxɔ abi enumake.
8Atsrɔ̃ wo le woƒe aɖe ta;
ame siwo katã kpɔ wo la, aʋuʋu ta.
9Ekema amewo katã avɔ̃;
woaxlẽ nu si Mawu wɔ la fia,
eye woabu nu si wòwɔ la ŋu.
10Mina nuteƒewɔlawo nakpɔ dzidzɔ
le Aƒetɔ ŋu,
eye woabe ɖe egbɔ!
Mina ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la,
nakafui!