رفتن به محتوا

Psalmowo 63

63
Mawu didi vevie le dzime
(David ƒe ha esime wònɔ gbedadaƒo le Yuda)
1Mawu, wòe nye nye Mawu,
mele diwòm;
èzu tsikɔ le nye luʋɔ wum,
nye ŋutilã gbɔdzɔ le tawò
abe kuɖiɖinyigba si ƒu kplákplakpla,
eye tsi aɖeke mele edzi o la ene.
2Ale mekpɔ wò ɖa le kɔkɔeƒe la,
kpɔ wò ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe.
3Elabe wò amenuveve nyo wu agbe,
nye nuyiwo akafu wò.
4Ale makafu wò zi ale si mele agbe;
mawu nye asiwo dzi ayɔ wò ŋkɔ.
5Nye luʋɔ ɖu ƒutomemi kple lãmi ɖi ƒo,
eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò,
6esime mele ŋuwò bum le nye aba dzi,
hele ŋugble dem le ŋuwò zã bliboa la;
7elabe wòe nye nye kpeɖeŋutɔ,
eye wò aʋala ƒe vɔvɔli tee
medziaa ha le kple dzidzɔ.
8Nye luʋɔ ku ɖe ŋuwò;
wò nuɖusie lém ɖe asi.
9Ke ame siwo le didim be yewoagblẽ
nye agbe la,
ayi keke anyigba tume ke;
10woatsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ,
woazu akpatakuwo ƒe nulélewo.
11Ke fia la, akpɔ dzidzɔ le Mawu me;
ame siwo katã kaa atam le eŋkɔ me la
akafui;
elabe woatsyɔ asi nu na alakpatɔwo.