رفتن به محتوا

Psalmowo 5

5
Gbedodoɖa hena ametakpɔkpɔ
(David ƒe ha na hadzihakplɔla. Woadzii aku dzewo ɖe eŋu)
1O Aƒetɔ, lé to ɖe nye nyawo ŋu;
se nye ŋeŋe.
2Nye Fia kple nye Mawu,
lé to ɖe nye ɣlidodo ŋu,
elabe wòe mele gbe dom ɖa na.
3O Aƒetɔ, wòe sea nye gbe le ŋdi,
ŋdi la, medzrana ɖo saa vɔ na wò,
eye menɔa wò asi nu kpɔm.
4Elabe menye Mawu si dzɔa dzi
le ŋutasesẽ ŋu lae nènye o;
nuvɔ̃ɖi mate ŋu anɔ gbɔwò o.
5Dàdala mate ŋu anɔ te ɖe ŋkuwò me o;
èléa fu nuvɔ̃ɖi wɔlawo katã.
6Ètsrɔ̃a ame siwo kaa aʋatso;
Aƒetɔ lé fu ame siwo kɔa ʋu ɖi kple alakpatɔwo.
7Ke nye ya to wò amenuveve sɔgbɔ la me,
mage ɖe wò aƒeme.
Masubɔ wò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me
kple vɔvɔ̃.
8O Aƒetɔ,
kplɔm le wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ la nu
le nye futɔwo ta;
na wò mɔ nadzɔ le ŋkunye me.
9 # Rom 3.13. Elabe nyateƒe aɖeke mele woƒe nu me o,
woƒe dzi tsrɔ̃a nu,
woƒe vehlo nye yɔdo nuvo,
woflua ame kple woƒe aɖe.
10Mawu, na woakpɔ fɔɖiɖi ŋu fetu;
na woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋudedewo naƒu wo anyi;
tsɔ wo ƒu gbe le woƒe dzidada gbogboawo ta,
elabe wodze aglã ɖe ŋuwò.
11Gake na ame siwo katã sí wò tso la
nakpɔ dzidzɔ le mewò;
na woadzi dzidzɔha tegbee,
eye nàʋli wo ta;
ne ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la,
nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò.
12Elabe wò Aƒetɔ ye yraa ame dzɔdzɔe,
wòe tsɔa amenuveve tsyɔna nɛ
abe akpoxɔnu ene.