رفتن به محتوا

Psalmowo 4

4
Fiẽ gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
(David ƒe hae. Na hadzihakplɔla. Woadzii kple kasaŋkuwo)
1O Mawu, nye dzɔdzɔetɔ,
ne meyɔ wò la, tɔ nam!
Wòe xɔ nam esime hiã tum.
Ve nunye, se nye gbedodoɖa!
2Mi amegbetɔ viwo,
ɣe ka ɣie miado vlo nye bubu ase ɖo?
Ɣe ka ɣie mialɔ̃ nya dzodzrowo ase ɖo?
Ɣe ka ɣie mianɔ aʋatso yome ase ɖo? (Tɔ vie)
3Ke minyae be Aƒetɔ tia mawumeme la
na eɖokui;
ne meyɔ Aƒetɔ la,
esenɛ.
4 # Efes 4.26. Mido dziku, ke migawɔ nuvɔ̃ o;
mide ŋugble le miawo ŋutɔ ƒe dzime
le miaƒe abawo dzi, eye miazi ɖoɖoe. (Tɔ vie)
5Misa vɔ siwo dze,
eye miɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu.
6Ame geɖewo gblɔ be:
“O, ne míahakpɔ nu nyui aɖe ɖe!
O Aƒetɔ, na wò mo ƒe kekeli
naklẽ ɖe mía dzi!”
7Wòe de dzidzɔ geɖe nye dzime wu wo,
esime bli kple wain bɔ ɖe wo si la.
8Mamlɔ anyi le ŋutifafa me,
adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me;
elabe wò ɖeka, o Aƒetɔ, koe na
mele dedie.