Psalmowo 45
45
Fiaƒeme srɔ̃ɖeha
(Korax viwo ƒe nufiameha. Lɔlɔ̃ha na hadzihakplɔla. Woadzii kple “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi)
1Nyati nyui aɖe le fiefiem
tso nye dzime wlɔwlɔwlɔ;
fia lae mekpa nye kpukpuiawo na.
Nye aɖe le abe agbalẽŋlɔla
si le klalo ƒe nuŋlɔti ene.
2Wòe dze ɖeka wu le amegbetɔ viwo dome;
wokɔ amenuveve ɖe wò nuyiwo dzi;
eya ta Mawu yra wò tegbee.
3Bla akpa kple wò yi ɖe aklito, wò kalẽtɔ,
le wò atsyɔ̃ɖoɖo kple wò fianyenye me!
4Le wò fianyenye me ho yi dziɖuɖutɔe,
be nàʋli nyateƒe kple nu dzɔdzɔe ta;
na wò nuɖusi nafia nu dziŋɔ wɔwɔwo wò!
5Wò aŋutrɔwo ɖana
le fia la ƒe futɔwo ƒe dzime;
dukɔwo dzea anyi ɖe tewò.
6 #
Heb 1.8, 9. Wò fiazikpui la, Mawu tɔe.
Anɔ anyi tegbee!
Wò fiatikplɔ la nye fiatikplɔ si wɔa nu sɔsɔe.
7Èlɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
eye nèlé fu nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
Eya tae Mawu, wò Mawu si ami na wò
kple dzidzɔmi nèƒo hatiwòwo ta.
8Wò awu ʋlayawo le ʋeʋẽm lílili
kple lifi, pepre kpakple kotoklobo.
Kasaŋkuwo doa dzidzɔ na wò
le wò fiasã si wotu kple nyiɖuwo me;
9fia vinyɔnuwo
le wò nyɔnu bubumewo dome;
eye fia srɔ̃ le Ofir-sikanuwo me
le wò ɖusime.
10O vinyɔnu, ɖo to, nàsee,
eye nàbu eŋu;
ŋlɔ wò dukɔ kple tɔ́wò ƒe aƒe be,
11eye wò tugbedzedze adze fia la ŋu.
Esi wònye wò aƒetɔ ta la,
bɔbɔ ɖokuiwò nɛ.
12Tiro-dukɔ atsɔ nunanawo
adi wò amenuveve,
ame siwo kpɔ kesinɔnu wu
le dukɔwo me la
13atsɔ nunɔamesi vovovowo vɛ.
Wodo awu siwo wolɔ̃ kple sikanuwo
na fia vinyɔnu si le eƒe xɔ me la.
14Ele awu ŋɔŋɔewo me,
exɔlɔ̃ ɖetugbi leaƒewoe nɔ eŋu
wokplɔ yi na fia la.
15Wotsɔ dzidzɔ kple aseyetsotso
kplɔ wo ge ɖe fiasã la me.
16Viwò ŋutsuwo anɔ tɔgbuiwòwo teƒe;
àɖo wo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.
17Mana woado wò ŋkɔ ɖe dzi
le dzidzimewo katã me;
eya ta dukɔwo akafu wò
tso mavɔ me yi mavɔ me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.