رفتن به محتوا

Psalmowo 44

44
Gbedodoɖa hena ametakpɔkpɔ
(Korax viwo ƒe nufiameha na hadzihakplɔla)
1Míesee kple míaƒe towo, o Mawu
mía tɔgbuiwo gblɔe na mí
nu siwo nèwɔ le wo ŋɔli,
nu siwo nèwɔ le blema:
2Ètsɔ wò ŋutɔ wò asi nyà dukɔwo ɖa,
ke èƒo woƒe kè ɖe to;
èna dukɔwo kpe fu,
ke èna ablɔɖe woawo ya;
3elabe wometsɔ woawo ŋutɔ ƒe yi
xɔ anyigba la loo,
alo ɖu edzi kple woawo ŋutɔ ƒe abɔ o;
ke wò nuɖusi kple wò abɔ
kpakple wò mo ƒe keklẽ lae xɔ na wo;
elabe woƒe nu nyo ŋuwò.
4Wòe nye nye Fia kple nye Mawu,
ame si ɖoe be Yakob nakpɔ dziɖuɖu.
5Wò dzie míeto tutu míaƒe ketɔwo ƒu anyi;
wò ŋkɔ mee míefanya ame siwo
dze mía dzi le.
6Elabe nyemeɖo dzi ɖe nye dati ŋu loo,
alo be nye yi naxɔ nam o.
7Ke wò la èɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me,
eye nèna ame siwo lé fu mí la tɔtɔ.
8Mawu mee míeƒoa adegbe le edziedzi,
eye míada akpe le wò ŋkɔ ta tegbee. (Tɔ vie)
9Ke ètsɔ mí ƒu gbe hebɔbɔ mí ɖe anyi,
eye mèdo yi kple míaƒe aʋakɔwo o.
10Èna míesí le ketɔ la nu,
eye míaƒe futɔwo kpɔ nu ha.
11Èwɔ mí abe alẽ siwo wodzra ɖo
hena wuwu ene,
eye nèka mí hlẽ ɖe dukɔwo dome.
12Nètsɔ wò dukɔ la dzra asi bɔbɔe,
eye mèdo asi lolo ɖe wo ŋu o.
13Ètsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo,
koko kple fewuɖunu na ame siwo ƒo xlã mí.
14Èna míezu hamelo le dukɔwo dome;
nu ɖikokoe le dukɔwo dome.
15Mele vlodoame kpɔm ŋkeke blibo la,
eye ŋu kpem,
16le fewuɖulawo kple amedzulawo
ƒe nyawo ta,
le futɔ la kple hlɔ̃biala la ŋkume.
17Nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi,
togbɔ be mimeŋlɔ wò be loo,
alo gbe wò nubabla dzi wɔwɔ o hã.
18Míaƒe dzi metrɔ le yowòme loo,
alo míaƒe afɔ natra le wò mɔ dzi
19be nàto mí nyànyanya le akpatakuwo nɔƒe,
eye nàtsɔ blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ mía dzi o.
20Ne ɖe míeŋlɔ mía Mawu ŋkɔ be
heke abɔ me do gbe ɖa na mawu tutɔ aɖe la,
21ɖe Mawu manya esia oa?
Elabe enyaa nuɣaɣla siwo le dzime.
22 # Rom 8.36. Ao, tawòe wole mía wuwu dzi
ŋkeke blibo la katã,
eye wobu mí abe alẽ
siwo wole wuwu ge la ene.
23O Aƒetɔ, nyɔ!
Nu ka tae nèle alɔ̃ dɔm?
Fɔ! Mègatsɔ mí ƒu gbe gbidii o.
24Nu ka tae nèɣla wò ŋkume?
Nu ka tae nèŋlɔ míaƒe fukpekpe
kple teteɖeanyi be?
25Elabe wotutu míaƒe luʋɔ ƒu anyi
ɖe ʋuʋudedi me;
míaƒe ŋutilã lé ɖe anyigba ŋu.
26Tso! Va kpe ɖe mía ŋu!
Ɖe mí le wò amenuveve la ta!