رفتن به محتوا

Psalmowo 46

46
Mawu li kpli mí
(Ha na hadzihakplɔla. Korax viwo ƒe hae. Woatsɔ ɖetugbiwo ƒe gbe adzii. Enye ha aɖe)
1Mawu nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,
xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxa me.
2Eya ta mímavɔ̃ o,
nenye be anyigba ʋuʋu,
nenye be towo ʋuʋu le atsiaƒu titina;
3ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ,
ne towo ʋuʋu le eƒe nyanyra me hã. (Tɔ vie)
4Tɔsisi aɖe li
si ƒe alɔdzewo doa dzidzɔ
na Mawu ƒe du,
Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nɔƒe kɔkɔe la.
5Mawu le eme,
maʋã o;
Mawu axɔ nɛ kaba le fɔŋli.
6Dukɔwo nyra,
fiaɖuƒewo lulu;
eɖe gbe, anyigba lólo.
7Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la li kpli mí;
Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe sitsoƒe. (Tɔ vie)
8Miva, mikpɔ Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔwo,
ale si wòdo aƒedo anyigbae la ɖa!
9Etsia aʋawɔwɔ nu,
va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke;
eflia dati, ŋea akplɔ,
etɔa dzo tasiaɖamwo.
10“Minɔ anyi kpoo,
eye minyae be nyee nye Mawu.
Wodom ɖe dzi le dukɔwo dome,
wodom ɖe dzi le anyigba dzi.”
11Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la li kpli mí,
Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe sitsoƒe. (Tɔ vie)