رفتن به محتوا

Psalmowo 3

3
Ŋdi gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu
David ƒe ha esime wòsí le via Absalom nu
1Aƒetɔ, nye futɔwo sɔ gbɔ loo!
Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.
2Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋunye be:
Kpekpeɖeŋu aɖeke matso Mawu gbɔ nɛ o. (Tɔ vie)
3Ke wò Aƒetɔ, wòe nye nye akpoxɔnu,
nye bubu kple ame si do nye ta ɖe dzi.
4Medo ɣli sesĩe na Aƒetɔ,
eye wòtɔ nam tso eƒe togbɛ kɔkɔe la dzi. (Tɔ vie)
5Memlɔ anyi, eye medɔ alɔ̃;
megafɔ, elabe Aƒetɔ lém ɖe te.
6Nyemevɔ̃ ame akpeakpe
siwo tso ɖe ŋunye ƒo xlãm godoo la o.
7Aƒetɔ, tso!
Nye Mawu, ɖem!
Elabe wòe ƒo to me na nye futɔwo katã,
wòe ŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.
8Aƒetɔ tɔe nye ɖeɖe,
wò yayra nenɔ wò dukɔ dzi! (Tɔ vie)