Naxum 3
3
1Baba na du si ƒe asi ƒo ʋu,
afi si alakpadada kple adzonuwo bɔ ɖo,
nuhaha nu metsina o!
2Sɔƒokawo ƒe sɔwo dzidzedze;
sɔwo ƒe duƒuƒu kplakplakpla;
tasiaɖamfɔwo ƒe zinyenye;
tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ,
3sɔdolawo ƒe lulũ ɖe eme!
Yiwo ƒe dzodada,
akplɔwo ƒe dzokeke,
aʋatsilawo ƒe kɔlili ɖe wo nɔewo dzi,
ame kukuwo mele xexlẽme o.
Amewo le wo klim le anyi dzem.
4Le gbolo ƒe gbolowɔwɔ vivivo
kple dzosala dzetugbe la,
ame si tsɔ eƒe tugbedzedze kple dzosasa
flu dukɔwo heɖe aboyo wo ta la,
5Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be,
kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò.
Maklo awu le ŋuwò akɔ tsyɔ ŋkume na wò,
eye mana dukɔwo nakpɔ wò ama me,
fiaɖuƒewo akpɔ wò ŋukpeƒe.
6Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò,
maɖi gbɔ wò,
eye mawɔ wò nazu nukpɔkpɔ.
7Ame siwo katã kpɔ wò la así le nu wò
agblɔ be:
“Wogbã Ninive-du!
Ame kae afa nɛ?
Afi ka makpɔ akɔfala tsoe nɛ?”
8Ɖe nènyo wu Tebes#3.8: Woyɔe le Hebri-gbe me be No-Amon.
si wotso ɖe Nil-tɔsisi to;
tsi ƒo xlãe godoo,
atsiaƒu nye kpo nɔ eŋu,
eye tsi nye gli nɔ eŋu laa?
9Etiopia nye eƒe ŋusẽ,
seɖoƒe meli na Egipte ya tɔ o;
eƒe kpeɖeŋutɔwoe nye
Putitɔwo kple Libiatɔwo.
10Ke woɖe aboyoe, kplɔe dzoe.
Woxlã wo viwo ɖe nu
wokaka ɖe ablɔ ɖe sia ɖe dzi.
Wodzidze nu ɖe woƒe bubumewo dzi,
eye wode kɔsɔkɔsɔ woƒe amegãwo.
11Wò hã àmu aha,
wò mo atsyɔ,
eye nàdi afi si nàsí ayi,
adzo le wò futɔ gbɔ.
12Wò mɔ́wo katã le abe gboti
siwo dzi kutsetse gbãtɔwo ɖi ɖo la ene.
Ne woʋuʋu atia la, kutsetse ɖiɖiawo gena
dzea nu me na eɖula.
13Kpɔ ɖa, wò aʋakɔwo le abe nyɔnuwo ene.
Wò anyigba ƒe agbowo le ʋuʋu ɖi gbadzaa
na wò futɔwo.
Dzo fiã wò gametiwo.
14Du tsi da ɖi,
elabe wole to ɖe ge ɖe wò.
Na wò mɔwo nagasẽ ɖe dzi.
Yi anyiʋe me nànya anyi
atsɔ ame anyikpewo da ɖi.
15Afi mae dzo afiã wò le,
eye nàtsi yi nu le.
Woavuvu wò abe ale si ʋetsuviwo ɖua nui ene.
Midzi ɖe dzi abe ʋetsuviwo ene,
eye midzi abe gbagblame ene.
16Èna wò asitsalawo dzi ɖe edzi
sɔ gbɔ wu dziƒoɣletiviwo gɔ̃ hã.
Ke azɔ la, ʋetsuvi la ke aʋala me,
eye wòdzo dzó.
17Wò amegãwo sɔ gbɔ abe gbagblamewo ene,
eye wò agbalẽfialawo le abe ʋetsuviwo ƒe ha
le kpɔ ŋu, le vuvɔgbe ene.
Ke ne ɣe dze la, wodzona dzóna,
eye ame aɖeke menyaa afi si wodzo yi o.
18O Asiria-fia, wò alẽkplɔlawo le alɔ̃ dɔm,
wò bubumewo le akɔlɔ̃e dɔm.
Wò amewo kaka ɖe towo dzi,
eye ame aɖeke meli aƒo wo nu ƒu o.
19Wɔwɔ aɖeke mele nu vevi si wɔ wò la ŋu o;
èxɔ abi vevie.
Ame siwo katã se wò nyaa la,
kpɔ dzidzɔ, si akpe.
Elabe ɖe ame aɖe li si ŋu wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe la
megblẽ nu le oa?
اکنون انتخاب شده:
Naxum 3: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.