Mixa 1

1
1 # Fia II, 15.32-38; Kron II, 27.1-7; Fia II, 16.1-20; Kron II, 28.1-27; Fia II, 18.1—20.21; Kron II, 29.1—32.33. Aƒetɔ de gbe asi na Mixa, Moresetɔ la, le Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia siwo nye Yotam, Axaz kple Xizkiya ƒe dziɖuɣiwo me.
Konyifafa na Samaria kple Yerusalem
2Mi dukɔwo katã, mise nya sia!
Anyigba kple edzinɔlawo katã, miɖo to
miasee!
Mina, Aƒetɔ Mawu nanye ɖasefo ɖe mia ŋu.
Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me!
3Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ do tso eƒe nɔƒe gbɔna.
Eɖi gbɔna ava tsa
le anyigba ƒe kɔkɔƒewo.
4Towo alólo le ete,
eye baliwo agoglo ɖe edzi,
abe anyígba ye wolólo le dzo nu ene,
abe tsi wotrɔ kɔ ɖi
le to trɔabu kɔgo ene.
5Nu siawo katã dzɔ le Yakob ƒe dzidada
kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃ ta.
Nu kae nye Yakob ƒe dzidada?
Ðe menye Samaria ye oa?
Nu kae nye Yuda ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃?
Ðe menye Yerusalem ye oa?
6Eya ta Aƒetɔ be:
“Mana Samaria nazu glikpo ɖe gbe me,
azu waingbledeƒe.
Malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe bali me,
eye maklo nu le gɔmeɖokpeawo dzi.
7Woagbã eƒe aklama kpakpɛwo katã gudugudu,
woatɔ dzo nunana siwo katã woƒe gbolowo xɔ la,
eye matsrɔ̃ woƒe legbawo keŋkeŋ.
Elabe gboloe wowɔ kpɔ nu siawo katã,
eya ta gbolowoe woagatsɔ wo axe fee na.”
8Le esia ta, nye la mafa konyi, afa avi,
eye manɔ amama anɔ yiyim.
Mafa konyi abe akpataku ene,
eye maxa nu abe tsatsaboli ene.
9Elabe eƒe abi zu abi makumaku,
eye wòva ke ɖe Yuda.
Eva ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu,
egogo Yerusalem.
Futɔwo te tu Yerusalem
10Migakɔ nu le edzi woase le Gat o,
migafa avi kura o.
Mi Bet-Leafratɔwo,
Mimli mia ɖokui le ke me,
le Bet-Leafra.
11Mi Safirtɔwo,
miɖe amama miaʋu adzo kple ŋukpe.
Zaanantɔwo,
migakatsa be yewoado go o.
Ne miese Bet Haezeltɔwo le konyi fam la,
ekema minyae be sitsoƒe mele afi ma na yewo o.
12Elabe Marotetɔwo tsi dzodzodzoe le xɔname dim,
elabe vɔ̃ ɖi ɖe anyi tso Aƒetɔ gbɔ,
ɖe Yerusalem-gbo nu ke.
13Laxistɔwo, mitsi tasiaɖamwo ɖe sɔwo ŋu.
Miawoe to Zion vinyɔnu ƒe nuvɔ̃ vɛ,
elabe mewòe wokpɔ Israel ƒe dzidadawo le.
14Eya ta ele be miado mɔ Moreset-Gat;
Axsib-xɔwo aflu Israel-fiawo.
15Mi Maresanɔlawo,
magana dziɖula nava dze mia dzi,
eye Israel ƒe ŋutikɔkɔe ade Adulam.
16Mi Yudatɔwo,
milũ ta ƒiaƒiaƒia ne miafa konyi
ɖe mia vi siwo miewɔ vi na la ta.
Mina miaƒe ta ŋu naɖi ƒiaƒiaƒia abe akaga tɔ ene,
elabe woaɖe aboyo mia viawo adzoe le mia gbɔ.

اکنون انتخاب شده:

Mixa 1: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید