Mateo 28

28
Tsitretsitsi la
(Mar 16.1-10; Luk 24.1-12; Yoh 20.1-10)
1Le Dzudzɔgbe ƒe ŋufɔke, si nye kwasiɖa la ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe fɔŋli la, Maria Magdalatɔ la kple Maria kemɛ yi yɔdoa kpɔ ge ɖa. 2Tete anyigba ʋuʋu elabe Aƒetɔ ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpea ɖa le yɔdoa nu hebɔbɔ nɔ edzi. 3Eƒe dzedzeme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe aklala ene. 4Dzɔlawo vɔ̃ henɔ dzodzom nyanyanya. Wotrɔ zu abe ame kukuwo ene. 5Mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo be: “Migavɔ̃ o! Menyae be Yesu, ame si woklã ɖe ati ŋu la dim miele. 6Mele afi sia o elabe etsi tsitre, abe ale si wògblɔe ɖi ene. Miva kpɔ afi si wòmlɔ la ɖa. 7Azɔ la, miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Edze mia ŋgɔ yina Galilea. Miakpɔe le afi ma. Kpɔ ɖa, metoe na mi!” 8Wodzo le yɔdoa gbɔ enumake. Wotsɔ vɔvɔ̃ kple dzidzɔ ƒu du be yewoaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo. 9Sẽe la, Yesu va kpe wo gblɔ be: “Miɖo aƒe loo!” Wote ɖe eŋu, lé eƒe afɔ hede ta agu nɛ. 10Yesu gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Miyi ɖagblɔ na nɔvinyeawo be woneyi Galilea. Woakpɔm le afi ma.”
Dzɔlawo ƒe nutsotso
11Esime nyɔnuawo dzo yina la, dzɔlaawo dometɔ aɖewo yi ɖe dua me, eye wogblɔ nu siwo katã va dzɔ la na nunɔlagãwo. 12Esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kpe ta la, wode adaŋu, eye wotsɔ ga home aɖe na asrafoawo. 13Wogblɔ na wo be: “Migblɔ be: ‘Esime míedɔ alɔ̃ le zã me la, eƒe nusrɔ̃lawo va fii dzoe.’ 14Ale be ne nya sia va ɖi mɔ́mefia la se gɔ̃ hã la, míalé nya la nu bene miagage ɖe nya me o.” 15Togbɔ be dzɔlaawo xɔ ga la hewɔ ɖe nu si wogblɔ na wo la dzi hã la, nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome va se ɖe egbe.
Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo
(Mar 16.14-18; Luk 24.36-49; Yoh 20.19-23; Dɔw 1.6-8)
16 # Mat 26.32; Mar 14.28. Azɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo da ɖi la dzi. 17Esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke ɖikeke nɔ wo dometɔ aɖewo me. 18Yesu te va wo gbɔ, ƒo nu na wo gblɔ be: “Mawu tsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam. 19#Dɔw 1.8. Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã woazu nye nusrɔ̃lawo. Miale mawutsi na wo ɖe Tɔ́ la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋkɔ me. 20Mifia wo bene woawɔ nu siwo katã meɖo na mi la dzi. Mikpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”

اکنون انتخاب شده:

Mateo 28: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید