Mateo 27

27
Wokplɔ Yesu va Pilato gbɔe
(Mar 15.1; Luk 23.1-2; Yoh 18.28-32)
1Esi ŋu ke ŋdi la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu be yewoawu Yesu. 2Woblae, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato, Roma-dziɖuɖua ƒe mɔ́mefia la.
Yuda ƒe ku
(Dɔw 1.18-19)
3 # Dɔw 1.18, 19. Esi Yuda, ame si fia eyome mɔ la kpɔ be wotso kufia na Yesu la, evee, ale wògbugbɔ klosaloga bla etɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple dumegãwo 4gblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ elabe mena wokɔ ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖi.” Ke woɖo eŋu be: “Ema meka mí o. Wò ŋutɔ wò nyae.” 5Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe mawuxɔa me, eye wòdzo yi ɖade ka ve. 6Nunɔlagãwo yi ɖatsɔ ga la, eye wogblɔ be: “Ʋuƒlegae, eya ta se meɖe mɔ be woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o.” 7Esia ta wode adaŋu le ga la ŋuti. Wotsɔe ƒle zemela ƒe anyigba be wòanye amedzrowo ɖiƒe. 8Eya ta woyɔa anyigba ma be: “Ʋunyigba” va se ɖe egbe. 9#Zax 11.12, 13.Ale Mawu ƒe gbeƒãɖela Yeremya ƒe gbeƒãɖeɖe va eme be: “Wotsɔ klosaloga bla etɔ̃ si woxe ɖe ame si ŋu Israel vi aɖewo do asi ɖo la, 10ƒle zemela ƒe anyigba, abe ale si Aƒetɔ la di be mawɔe la ene.”
Pilato bia nya Yesu
(Mar 15.2-5; Luk 23.3-5; Yoh 18.33-38)
11Yesu le tsitre ɖe mɔ́mefia la ŋkume. Tete mɔ́mefia la biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia laa?” Yesu ɖo eŋu be: “Ègblɔe ɖe eteƒe.” 12Esi nunɔlagãwo kple dumegãwo nɔ eƒe fɔɖinyawo gblɔm nɛ la, meɖo nya aɖeke ŋu o. 13Tete Pilato biae be: “Ɖe mèle ɖase si ɖim wole le ŋutiwò la sem oa?” 14Ke meɖo nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu nɛ o. Esia wɔ mo yaa na mɔ́mefia la ŋutɔ.
Wotso kufia na Yesu
(Mar 15.6-15; Luk 23.13-25; Yoh 18.39—19.16)
15Le Paska ɖe sia ɖe dzi la, mɔ́mefia la ɖea asi le gamenɔla ɖeka aɖe, si amehawo di la ŋuti. 16Ɣe ma ɣi la, gamenɔla aɖe, si ŋkɔe nye [Yesu] Baraba si amewo nya nyuie ɖe eƒe nu vlo wɔwɔ ta la le wo si. 17Esi ameha la ƒo ƒu la, Pilato bia wo be: “Ame ka ŋu miedi be maɖe asi le na mi: [Yesu] Baraba loo, alo Yesu si woyɔna be Kristo la ma hã?” 18Elabe Pilato dze sii be ŋuʋaʋã tae wode Yesu asi ɖo. 19Esime wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo du ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabe tsɔ ƒe zã la, mekpe fu geɖe le drɔ̃e me le eta.” 20Nunɔlagãwo kple dumegãwo ƒoe ɖe amehaawo nu be woabia tso Pilato si be wòaɖe asi le Baraba ŋu, eye wòawu Yesu. 21Mɔ́mefia la gabia wo be: “Ame eveawo dometɔ ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi?” Woɖo eŋu be: “Baraba!” 22Pilato bia wo be: “Ekema nu kae miedi be mawɔ Yesu, si woyɔna be Kristo la ma hã?” Wo katã wogblɔ be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!” 23Ke Pilato bia be: “Nu vɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ?” Tete wode asi ɣlidodo me sesĩe be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!”
24 # Mos V, 21.6-9. Esi Pilato kpɔ be wɔna aɖeke megali o, ke boŋ zi di be yeatɔ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be: “Nye asi mele ŋutsu sia wuwu me o.” 25Ameawo katã ɖo eŋu hoo be: “Eƒe ʋu neva mí kple mía viwo dzi!” 26Tete Pilato ɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ke esi wòna woƒo Yesu vɔ la, eɖe asi le eŋu be woaklãe ɖe ati ŋu.
Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu
(Mar 15.16-20; Yoh 19.2-3)
27Tete mɔ́mefia la ƒe asrafowo kplɔ Yesu yi ɖe akpata la me, eye asrafoha blibo la ƒo ƒu ɖe eŋuti. 28Woɖe eƒe awuwo le eŋu, eye wotsɔ awu ʋlaya dzĩ do nɛ. 29Wotsɔ ŋuka lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ati aɖe nɛ wòlé ɖe nuɖusi. Wodze klo ɖe eŋkume, ɖu fewu le eŋu gblɔ be: “Yudatɔwo ƒe fia la nenɔ agbe tegbee.” 30Woɖe ta ɖe eŋu eye woxɔ atia le esi ƒo tame nɛ. 31Esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzĩ la le eŋu, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuawo gado nɛ. Wokplɔe do goe be woaɖaklãe ɖe ati ŋuti.
Woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu
(Mar 15.21-32; Luk 23.26-43; Yoh 19.17-27)
32Esi wodo yina la, wodo go ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Simon. Etso Kirene. Asrafoawo zi ŋutsu sia dzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la. 33Wova ɖo teƒe aɖe, si ŋkɔe nye Ametakoliƒe. Woyɔnɛ le Hela-gbe me be Golgata. 34#Ps 69.21.Wotsɔ wain si wotɔtɔ kple veve la nɛ be wòano. Ke esi wòɖɔe kpɔ la, egbe be yemanoe o. 35#Ps 22.18.Esi woklãe ɖe ati ŋu vɔ la, wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi eye woma wo ɖe wo nɔewo dome. [Esia wu Mawu ƒe gbeƒãɖela ƒe nya nu be: “Woma nye nudodo ɖe wo nɔewo dome eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.”] 36Esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi henɔ eŋu dzɔm. 37Woŋlɔ eƒe nutsonya ɖe etame be: “YESU, YUDATƆWO ƑE FIA LAE NYE ESI.” 38Woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu kpe ɖe Yesu ŋu. Ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame. 39#Ps 22.7; 109.25; Sir 12.17, 18; 13.7.Ame siwo va le afi ma tom le yiyim la, le feŋu ɖum le eŋu, le edzum, le ta ʋuʋum le gbɔgblɔm be: 40#Mat 26.61; Yoh 2.19.“Wò ame si gblɔ be yeagbã mawuxɔ la agagbugbɔ atu le ŋkeke etɔ̃ mea, wòe nye esia? Ɖe ɖokuiwò! Nenye Mawu Vi nènye la, ɖi le atitsoga la ŋu.” 41Nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo hã ɖu fewu le eŋuti nenema ke gblɔ be: 42“Exɔ ame bubuwo ɖe agbe, ke mate ŋu axɔ na eɖokui o. Nenye Israel-fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋu fifia ne míaxɔ edzi ase. 43#Ps 22.8; Nya 2.18-20.Eɖoa dzi ɖe Mawu ŋu elabe egblɔ be Mawu Vi yenye. Nenye be Mawu lɔ̃e nyateƒe la, neva xɔ nɛ azɔ.” 44Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti la hã dzui.
Yesu ƒe ku
(Mar 15.33-41; Luk 23.44-49; Yoh 19.28-30)
45Tso ŋdɔ ga wui eve me la, viviti do ɖe xexea me katã va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 46#Ps 22.1.Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me lɔƒo la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” Le wo degbe me la, wogblɔnɛ be: “Eli, Eli, lama sabaxtani?” 47Esi ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la dometɔ aɖewo se eƒe nyawo la, wogblɔ be: “Ŋutsu sia le Eliya yɔm.” 48#Ps 69.21.Enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ tsilɔnu, kɔ wain veve ɖe eme fũu, tɔe ɖe ati nu heɖo nu nɛ be wòano. 49Ke ame bubuwo gblɔ be: “Milala. Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava xɔe ɖe agbe mahã?” 50Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.
51 # Mos II, 26.31-33. Tete mawuxɔmetsovɔ la ma ɖe eve siã, tso etame va se ɖe egɔme. Anyigba ʋuʋu, eye agakpewo wó. 52Agado siwo me woɖia ame ɖo la hã ʋu, eye wofɔ ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ɖe tsitre. 53Esi Yesu fɔ tso ame kukuwo dome vɔ megbe la, ame kɔkɔeawo do go le agadoawo me yi ɖe Yerusalem, du kɔkɔe la me, ɖaɖe wo ɖokui fia ame geɖe. 54Ke esi asrafoawo dzikpɔla kple ame siwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu ŋu dzɔm la kpɔ ale si anyigba ʋuʋui kple nu si va dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye wogblɔ be: “Nyateƒee, Mawu Vie nye ame sia!”
55 # Luk 8.2, 3. Nyɔnu geɖe siwo dze Yesu yome tso Galilea henɔ esubɔm la hã nɔ afi ma, nɔ adzɔge ke, hele nu kpɔm. 56Nyɔnu siawo dometɔ aɖewo nye: Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo kple Yosef nɔ kple Zebedeo srɔ̃.
Yesu ɖiɖi
(Mar 15.42-47; Luk 23.50-56; Yoh 19.38-42)
57Le fiẽ me la, ŋutsu kesinɔtɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe la, va do. 58Eyi Pilato gbɔ ɖabiae Yesu ƒe kukua. Tete Pilato ɖe gbe be woatsɔe nɛ. 59Yosef xɔ ame kukua, eye wòtsɔ aklala si fu tititi la xatsa ɖe eŋu. 60Ekɔe yi ɖaɖi ɖe eƒe ameɖiƒe ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo yeye, si wòɖe ɖe agakpe aɖe me la me. Emli kpe gã aɖe tu agadoa nu, eye wòdzo. 61Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛ wobɔbɔ nɔ afi ma hedze ŋgɔ yɔdo la.
Dzɔlawo le yɔdoa gbɔ
62Le Dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpe ta ɖe Pilato gbɔ. 63#Mat 16.21; 17.23; 20.19; Mar 8.31; 9.31; 10.33, 34; Luk 9.22; 18.31-33.Wogblɔ be: “Amegã, míeɖo ŋku edzi be esi ameblela ma le agbe la, egblɔ be: ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, matsi tsitre.’ 64Eya ta na be woadzɔ yɔdoa ŋu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe. Ne míewɔ esia o la, eƒe nusrɔ̃lawo ava fii adzoe aɖagblɔ na amewo be: ‘Etsi tsitre tso ame kukuwo dome.’ Ne edzɔ alea la, aʋatso si woaka la, avɔ̃ɖi wu esi woka do ŋgɔ.” 65Pilato gblɔ na wo be: “Dzɔlawo nye ekem; midzɔ eŋu ale si miate ŋui.” 66Ale wodzo yi ɖatre kpea ɖe yɔdoa nu sesĩe, eye woda dzɔlawo ɖe afi ma.

اکنون انتخاب شده:

Mateo 27: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید