Mateo 26
26
Nugbeɖoɖo ɖe Yesu ŋu
(Mar 14.1-2; Luk 22.1-2; Yoh 11.45-53)
1Esi Yesu gblɔ nya siawo katã vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: 2#Mos II, 12.1-27.“Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne Paskaa naɖo edzi. Ɣeyiɣi ma me woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi, be woaklã ɖe ati ŋuti.”
3Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe fiasã me. 4Wowɔ ɖoɖo be yewoalé Yesu le adza me ahawui. 5Ke wogblɔ be: “Manɔ ŋkekenyui la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”
Wosi ami na Yesu le Betania
(Mar 14.3-9; Yoh 12.1-8)
6Yesu yi ɖe Simon kpodɔlela ƒeme le Betania. 7#Luk 7.37, 38.Esi wònɔ nuɖukplɔ̃ ŋu la, nyɔnu aɖe tsɔ amigoe si wotsɔ kpe tɔxɛ aɖe wɔe, esi me ami ʋeʋẽe xɔasi aɖe le la ɖe asi vɛ, eye wòtrɔ amia kɔ ɖe tame na Yesu. 8Ke esi nusrɔ̃laawo kpɔ esia la, wodo dɔmedzoe hebia be: “Nu ka tae wòagblẽ amia nenema? 9Woate ŋu adzra ami sia ho gã aɖe, eye woatsɔ ga la ana ame dahewo ɖe!” 10Yesu dze si nu si gblɔm wole, ale wògblɔ na wo be: “Nu ka ta miele fu ɖem na nyɔnua? Nu dzeame ŋutɔ wònye wòwɔ nam. 11#Mos V, 15.11.Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o. 12Esi nyɔnu sia tsɔ ami ʋeʋẽe sia kɔ ɖe nye ŋutilã dzi la, edzram ɖo hena ɖiɖi. 13Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be afi sia afi si woaɖe gbeƒã Nyanyui sia le, le xexea me la, woaƒo nu le nu si nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti atsɔ aɖo ŋku edzii.”
Yuda lɔ̃ be yeafia Yesu yome mɔ
(Mar 14.10-11; Luk 22.3-6)
14Azɔ la, nusrɔ̃la wui eveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot la yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ, 15#Zax 11.12.eye wòbia be: “Nu ka mianam, ne made Yesu asi na mi?” Woxe klosaloga bla etɔ̃ nɛ. 16Tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ mɔnu dim be yeatsɔ Yesu ade asi.
Yesu ɖu Paskaa kple eƒe nusrɔ̃lawo
(Mar 14.12-21; Luk 22.7-14, 21-23; Yoh 13.21-30)
17Le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ɖuɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ biae be: “Afi ka nàdi be míadzra ɖo na wò, nàɖu Paskalẽvia le?” 18Eɖo eŋu na wo be: “Miyi ɖe dua me, ŋutsu ale gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Nufiala la be yeƒe ɣeyiɣia gogo vɔ, eya ta, ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoaɖu Paskalẽvia le aƒewò me.’ ” 19Nusrɔ̃laawo wɔ abe ale si Yesu di tso wo si la ene, eye wodzra ɖo na Paskaa.
20Esi fiẽsi ɖo la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ anyi be yewoaɖu nu. 21Le nua ɖuƒe la, egblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi be mia dometɔ ɖeka ladem asi.” 22Nusrɔ̃laawo xa nu ŋutɔ esi wose nya sia, eye wobiae ɖekaɖeka be: “Aƒetɔ, nyee loo?” 23#Ps 41.9.Yesu ɖo eŋu be: “Ame si ƒe asi le agba la me dem kple tɔnye lae ladem asi. 24Amegbetɔ Vi la le kuku ge, abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti la ene, ke baba na ame si lade Amegbetɔ Vi la asi. Ne ɖe womegaxa nenem me ma dzi o la, ne enyo nɛ wu!” 25Yuda, ame si fia eyome mɔ la hã bia be: “Aƒetɔ, nyee loo?” Yesu ɖo eŋu be: “Wòe gblɔe.”
Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu la
(Mar 14.22-26; Luk 22.14-20; Kor I, 11.23-25)
26Esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo, eye esi wòda akpe ɖe eta la, eŋe eme eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ be: “Mixɔe ɖu; esia nye nye ŋutilã.” 27Esia yome la, etsɔ wainkplu, eye esi wòda akpe to gbedodoɖa me ɖe eta la, etsɔe na wo gblɔ be: “Mi katã minoe. 28#Mos II, 24.8; Yer 31.31-34.Esia nye nye ʋu. Nubabla ƒe ʋu si le kɔkɔ ge ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke. 29Mele egblɔm na mi be: nyemegale waintsetse sia me tsi no ge akpɔ o, va se ɖe gbe si gbe nye kple miawo míano wain yeye le Tɔ́nye ƒe fiaɖuƒea me.”
30Esi wodzi akpedaha vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.
Yesu gblɔe ɖi be Petro agbe nu le ye gbɔ
(Mar 14.27-31; Luk 22.31-34; Yoh 13.36-38)
31 #
Zax 13.7. Yesu gblɔ na wo be: “Le zã sia me la, mazu nuɖiaɖia na mi eye mi katã miade megbe le ŋunye elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Mele alẽkplɔla la wu ge, eye alẽawo katã laka ahlẽ.’ 32#Mat 28.16.Gake ne wofɔm ɖe tsitre agbagbee la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.” 33Petro gblɔ nɛ be: “Ne mía tɔwo katã akpɔ nuɖiaɖia le ŋuwò ahasí adzo hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o!” 34Yesu gblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, le zã sia me, hafi koklo naku atɔ la, èle nu gbe ge le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.” 35Petro gblɔ be: “Ne ahiã be maku kpli wò gɔ̃ hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o!” Nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema ke.
Yesu do gbe ɖa le Getsemane-bɔ me
(Mar 14.32-42; Luk 22.39-46)
36Azɔ la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe teƒe aɖe, si woyɔna be Getsemane. Egblɔ na wo be: “Mibɔbɔ nɔ afii ne maɖado gbe ɖa le afi mɛ ɖa.” 37Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo ɖe asi. Sẽe la, ede asi nuxaxa me, eye wònɔ dzodzom nyanyanya. 38Egblɔ na wo be: “Nuxaxa yɔ nye ame blibo la me ale gbegbe be mebe maku gɔ̃. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.” 39Esi wòzɔ yi ŋgɔ ʋɛ la, etsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ be: “Tɔ́nye, ne anyawɔ la, ekema na fukpekpekplu sia nato ŋunye ayi. Ke menye abe ale si medi la ene o, ke boŋ abe ale si wò ŋutɔ nèdi la ene.” 40Etrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ, eye esi wòkpɔ wo wonɔ alɔ̃ dɔm la, egblɔ na Petro be: “Ko miete ŋu nɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ hã oa? 41Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa bene miagadze tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, ke ŋutilã la ya gbɔdzɔ.” 42Yesu gayi zi evelia, eye wògado gbe ɖa gblɔ be: “Tɔ́nye, nenye be fukpekpekplu sia mate ŋu ato ŋunye ayi gbeɖe o, wònye ɖeko mano emenu godoo la, ekema nu si nèdi nam la neva eme.” 43Esi wògatrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ la, ekpɔ be wogale alɔ̃ me ko elabe alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. 44Yesu gagblẽ wo ɖi, eye wòyi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia gagblɔ nya mawo ke. 45Azɔ etrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Alɔ̃dɔdɔ dzi ko miegale le ɖiɖim ɖe emea? Mikpɔ ɖa, ɣeyiɣia de be woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi na nuvɔ̃wɔlawo azɔ. 46Mifɔ, mina mídzo. Kpɔ ɖa, ame si le yonyeme mɔ fiam la gogo!”
Yesu léle
(Mar 14.43-50; Luk 22.47-53; Yoh 18.3-12)
47Esime wòganɔ nu ƒom la, Yuda si nye ame wui eveawo dometɔ ɖeka la va do. Ameha gã aɖe, si tso nunɔlagã kple dumegãwo gbɔ la le eyome. Wotsɔ yi kple kpo ɖe asi. 48Ame si tsɔe de asi la ɖo dzesi aɖe da ɖi na ameawo be: “Ame si ƒe nu magbugbɔ lae nye ame la. Milée.” 49Yuda zɔ va Yesu gbɔ enumake hegblɔ be: “Nufiala, fiẽ na wò!”, eye wògbugbɔ nu nɛ. 50Yesu biae be: “Xɔ̃, nu si wɔ ge nèva la, wɔe kaba.” Tete ameha la te tu Yesu, eye wolée. 51Ke ame siwo le Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me hedza nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ. 52Yesu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabe ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi. 53Ɖe nèbu be nyemate ŋu aɖe kuku na Tɔ́nye, ne wòaɖo eƒe dɔlawo ƒe aʋakɔwo wu wui eve gɔ̃ hã ɖem fifi laa oa? 54Ke ne edzɔ nenema ɖe, ale ke lawɔ nu siwo woŋlɔ ɖi be woava adzɔ alea la lava emee?” 55#Luk 19.47; 21.37.Azɔ la, Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ na wo be: “Ŋunyee mietso ɖo kple yi kple kpo be yewoava lé abe adzodala enea? Gbe sia gbe mebɔbɔ nɔ mawuxɔa me nɔ nu fiam, ke mielém kpɔ o. 56Nu siawo katã dzɔ be woawu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nuŋɔŋlɔawo nu.” Tete nusrɔ̃laawo katã gblẽe ɖi, eye wosí dzo.
Yesu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume
(Mar 14.53-65; Luk 22.54-55, 63-71; Yoh 18.13-14, 19-24)
57Azɔ ame siwo lé Yesu la kplɔe yi nunɔlagã Kayafa gbɔ, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo kpe ta ɖo. 58Petro dze eyome, le adzɔge ʋĩi, zɔ ʋuu va ɖo nunɔlagã la ƒe akpata me. Ege ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dzɔlawo gbɔ be yeakpɔ nu si dzɔ la ƒe nuwuwu. 59Azɔ nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ame siwo ava ɖi aʋatsoɖase ɖe Yesu ŋuti, ne yewoawui. 60Togbɔ be aʋatsoɖaseɖila geɖewo do va hã la, womekpɔ nya aɖeke le eŋu o. Mlɔeba la, ame eve va 61#Yoh 2.19.gblɔ be: “Ame sia gblɔ be: ‘Mate ŋu agbã mawuxɔ la, agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me.’ ” 62Nunɔlagã la tsi tsitre bia Yesu be: “Nya si ame siawo tsɔ ɖe ŋuwò ɖe, màɖe ɖokuiwò nu oa?” 63Ke Yesu zi kpi. Nunɔlagã la gblɔ nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawu Vi la.” 64#Dan 7.13.Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ègblɔe ɖe eteƒe. Ke mele egblɔm na mi be tso fifia dzi heyina la, miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime. Miakpɔe wòagbɔna le dziƒolilikpowo dzi.” 65#Mos III, 24.16.Tete nunɔlagã la dze eƒe awu gblɔ be: “Ŋutsu sia gblɔ busunya! Ɖasefo aɖe gahiã le nya sia mea? Miese eƒe busunya la. 66Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Woɖo eŋu be: “Edze na ku.” 67#Yes 50.6.Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, tu kɔe, eye ame bubuwo hã ƒo to me nɛ 68gblɔ be: “Wò Kristo la, ame kae ƒo wò? Yɔe na mí!”
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
(Mar 14.66-72; Luk 22.56-62; Yoh 18.15-18, 25-27)
69Ke Petro bɔbɔ nɔ anyi ɖe gota le akpata la me. Tete nyɔnudɔla aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be: “Wò hã ènɔ Yesu, Galileatɔ la gbɔ.” 70Ke esẽ nu le wo katã ŋkume gblɔ be: “Nyemenya naneke tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” 71Esi wòdo to agboa nu yina la, nyɔnudɔla bubu aɖe hã kpɔe, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma la be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu, Nazaretetɔ la ŋu kpɔ.” 72Petro gasẽ nu ka atam gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu la o!” 73Esia megbe ʋɛ la, ame siwo le tsitre ɖe afi ma la va gblɔ na Petro be: “Nyateƒee, wo dometɔ ɖeka wò hã nènye, elabe wò nuƒo le ha ɖem wò.” 74Tete Petro de asi fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi gblɔ be: “Ne menya ŋutsu sia fĩi!” Enumake koklo ku atɔ. 75Tete Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be: “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃” la dzi. Edo yi xexe, eye wòfa avi vevie.
اکنون انتخاب شده:
Mateo 26: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.