Mateo 23
23
Yesu xlɔ̃ nu amewo le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋuti
(Mar 12.38-39; Luk 11.43-46; 20.45-46)
1 Azɔ la, Yesu ƒo nu na amehaawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: 2“Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo sie ŋusẽ le be woaɖe Mose ƒe se la gɔme. 3Eya ta miwɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabe womenɔa agbe ɖe nu si wofiana la nu o. 4Wodoa agba kpekpe siwo manyatsɔ o la ɖoa ta na ame be wòatsɔ, ke woawo ŋutɔ melɔ̃na be yewoado asibidɛ ɖeka teti hã ɖa akpe ɖe agbatsɔla la ŋu o. 5#Mat 6.1; Mos V, 6.8; Mos IV, 15.38. Wowɔa nu sia nu be amewo nakpɔ ko. Woƒe ŋkuɖodzinuwo keke, eye wowɔa adza didiwo ɖe woƒe awu ʋlayawo to. 6Ne wokpe wo yi nuɖuƒe la, bubuteƒenɔnɔ vivia wo nu, eye ne woyi ƒuƒoƒewo la, wolɔ̃a zikpui nyuitɔwo dzi nɔnɔ. 7Wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le asi me, eye be woayɔ yewo be ‘Nufiala bubutɔ.’ 8Ke miawo la, migana woayɔ mi be ‘Nufiala’ o, elabe nufiala ɖeka koe le mia si, eye mi katã mienye nɔviwo. 9Nenema ke migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi be mia ‘Tɔ́’ o, elabe Tɔ́ ɖeka koe le dziƒo na mi. 10Mlɔeba la migana woayɔ mi be ‘Kplɔla’ o, elabe ame ɖeka koe nye mia kplɔla; eyae nye Kristo la. 11#Mat 20.26, 27; Mar 9.35; 10.43, 44; Luk 22.26. Ame si nye amegã le mia dome la nanye miaƒe subɔla. 12#Luk 14.11; 18.14. Ame sia ame si do eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.
Yesu bu fɔ Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo
(Mar 12.40; Luk 11.39-42, 44, 52; 20.47)
13 “Ke baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mietu dziƒofiaɖuƒea ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu wotsi gota. Evɔ la, miawo ŋutɔ miede yiyi ge ɖe eme do kpo. Miegbe be yewomaɖe mɔ na ame siwo le agbagba dzem be yewoayi ɖe eme la hã o. [ 14Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miexɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye miedoa gbe didi ɖa hetsɔna flua amewoe. Eya ta miaƒe fɔbubu kple tohehe asesẽ wu.] 15Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miezɔ ƒu dzi, zɔ anyigba dzi le trɔ̃subɔla ɖeka pɛ dim be yewoatrɔ wòazu Yudatɔ. Ke ne mietrɔ ame sia la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemenɔla zigbɔzi eve wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã!”
16 “Baba na mi, kplɔla ŋkuagbãtɔ siwo gblɔna be: ‘Ne ame aɖe tà mawuƒea la, megblẽ naneke o; ke ame si tà sika si le mawuƒea me la, edze be wòawɔ ŋugbe si wòdo la dzi godoo.’ 17Ŋkuagbãtɔ movitɔwo! Kae le vevie wu: sika la loo, alo mawuƒe si na sika la ŋu kɔ? 18Miawo kee gafia hã be: ‘Ne ame aɖe tà vɔsamlekpuia dzi la, edze be wòawɔ ŋugbe si wòdo la dzi.’ 19Ŋkuagbãtɔwo! Kae dze bubu wu: nunana la loo, alo vɔsamlekpui si na nunana la ŋu kɔ la yea? 20Eya ta ame si ke tà vɔsamlekpuia la, età vɔsamlekpuia kple nunana siwo katã le edzi la hã. 21Ne età mawuƒea la, età mawuƒea kple Mawu, ame si le afi ma la hã. 22#Yes 66.1; Mat 5.34. Nenema ke ame si tà dziƒo la, età Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu ŋutɔ, ame si bɔbɔ nɔ edzi la hã.
23 #
Mos III, 27.30. “Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mienaa kalɛ̃, ahaliwɔe kple tsyo ƒe akpa ewolia pɛpɛpɛ, ke miegblẽ sea ƒe nufiafia vevitɔ, siwo nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ, nublanuikpɔkpɔ kple xɔse ya boŋ ɖi. Nu siawo wòdze be miawɔ gbã ahatsɔ ekemɛawo wɔwɔ akpe ɖe wo ŋu hafi. 24Kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mietsyɔa nudzodzoewo le aha ŋgɔ, ke kposɔ blibo miemina!
25 “Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mieklɔa miaƒe nunonuwo kple nuɖugbawo godo pɛpɛpɛ, ke wo me yɔ fũu kple nu siwo mieda adzoe kple nu siwo mieklẽ ŋu xɔ la sɔŋ. 26Wò Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ nunonu la kple nuɖugba la me gbã ekema egodo hã aɖi.
27 #
Dɔw 23.3. “Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miele abe yɔdo siwo ŋuti wosi akalo ɖo nyuie, eye wonyale kpɔkpɔm la ene. Evɔ la, wo me yɔ fũu kple ameƒuwo kple ŋunyɔnu geɖe. 28Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewoe le gota, le amewo ŋkume, ke alakpadada kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ mia me taŋ.
Yesu gblɔ Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe tohehe ɖi
(Luk 11.47-51)
29 “Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo mienye! Miedzraa Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe yɔdowo ɖo, eye mieɖoa atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdodzikpewo, 30eye miegblɔna be, ‘Ɖe míenɔ anyi le mía tɔgbuiwo ŋɔli la, anye ne mímawɔ ɖeka kpli wo awu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gbeɖe o.’ 31Ale wɔ mieɖi ɖase le mia ɖokui ŋuti be yewoe nye ame siwo wu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo la ƒe dzidzimeviwo! 32Fifia la, miyi edzi ne miaƒo mia tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃ wɔwɔwo katã ta. 33#Mat 3.7; 12.34; Luk 3.7. Mi da kple da ƒe dzidzimeviwo! Ɖe miebu be yewoate ŋu así adzo, ne womagabu fɔ mi aɖo ɖe dzomavɔʋea me oa? 34Eya ta medɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo ɖo ɖe mi. Miawu wo dometɔ aɖewo, miaklã ɖewo ɖe ati ŋuti, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati bubuwo yome tso du me yi du me. 35#Mos I, 4.8; Kron II, 24.20, 21. Le nuwɔna siawo ta la, ame dzɔdzɔewo katã ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi kpɔ la, ava mia dzi. Adze egɔme tso ame dzɔdzɔe Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zaxarya, Baraxya vi, ame si miewu le mawuxɔ la kple vɔsamlekpuia dome ƒe ʋu dzi. 36Mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava mi dzidzi sia dzi.
Yesu ƒe lɔlɔ̃ na Yerusalem
(Luk 13.34-35)
37 “Yerusalem, ao, Yerusalem! Wòe wu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo eye nèƒua kpe ame siwo Mawu dɔ ɖo ɖe gbɔwò! Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu ɖe gbɔnye, abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te la ene, gake nègbe. 38#Yer 22.5. Kpɔ ɖa, wogblẽ wò aƒe ɖi wòzu aƒedo. 39#Ps 118.26. Magblɔe na mi, miegale kpɔ ye ge azɔ o, va se ɖe esime ɣeyiɣia nade miagblɔ be, ‘Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.’ ”
اکنون انتخاب شده:
Mateo 23: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.