Maleaxi KPƆKPLƆYIÐEME
KPƆKPLƆYIÐEME
Maleaxi ƒe Agbalẽ do le ƒè 500 lia me do ŋgɔ na Kristo esime wogbugbɔ Yerusalem tso, eye wogbugbɔ eƒe gbedoxɔ hã tu vɔ megbe. Nya vevi si ŋu gbeƒãɖela la nyɔ nunɔlawo kple ame bubuawo ƒe susu ɖoe nye be woagawɔ nuteƒe na Mawu le nu, si wobla kplii la me. Edze ƒãa be amewo va gbɔdzɔ, eye nu fitifiti wɔwɔ xɔ aƒe le dukɔa me. Esia dzé le ameawo ƒe mawusubɔsubɔ me. Nunɔlawo kple dukɔmetɔwo nɔa Mawu bam esime wometsɔa nu si wòle be woatsɔ sa vɔe la va nanɛ o, eye womenɔa agbe ɖe eƒe nufiafia nu o. Ale agbalẽa ɖee fia be Aƒetɔ le vava ge ava drɔ̃ ʋɔnu eƒe amewo, eye wòakɔ wo ŋuti. Adɔ eƒe dɔla ɖa do ŋgɔ, ame si lava ɖɔ nuwo ɖo, eye wòaɖe gbeƒã eƒe nubabla la.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Israel ƒe nuvɔ̃wo 1.1—2.16
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ 2.17—4.6
اکنون انتخاب شده:
Maleaxi KPƆKPLƆYIÐEME: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.