Maleaxi 4
4
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna
1 # 4.1: Ta 4.1-6 nye Ta 3.19-24 le Hebri Biblia me. “Elabe kpɔ ɖa, ŋkeke aɖe le bibim abe kpodzo ene gbɔna. Dàdalawo kple nuvɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene. Gbe ma gbe la, woafiã keŋ, ale be ke kple alɔ aɖeke masusɔ o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 2Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe ɣe adze na mi, eye wòayɔ dɔ mi abe ɣetotoe ene. Ekema miavo anɔ dzidzɔ kpɔm adzo abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me le kpo tim ene. 3Gbe si gbe mawɔ nu si medi be mawɔ la, miaɖu ame vɔ̃ɖiwo dzi keŋkeŋ, eye woanɔ abe dzowɔ ene ɖe miaƒe afɔ te. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.”
4“Miɖo ŋku nye dɔla Mose ƒe se, ɖoɖowo kple kɔnuwo, siwo mede asi nɛ le Xoreb-to dzi na Israel-dukɔ blibo la dzi.
5 #
Mat 11.14; 17.10-13; Mar 9.11-13; Luk 1.17; Yoh 1.21. “Kpɔ ɖa, maɖo gbeƒãɖela Eliya ɖe mi hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke sesẽ dziŋɔ ma nava ɖo. 6Ne eva la, atrɔ vi tɔ́wo ƒe dzi ɖe wo viwo ŋu, eye wòatrɔ viwo ƒe dzi ɖe wo tɔ́wo ŋu; ne nyemava tsrɔ̃ anyigba la kple fiƒode o.”
اکنون انتخاب شده:
Maleaxi 4: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.