Mose III KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Nu siwo le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia sia me la woe nye mawusubɔsubɔ le gbedoxɔ me ŋu ɖoɖowo kple mawusubɔsubɔ ŋu kɔnu siwo wowɔna le Israel gbe aɖe gbe ʋĩi ke kpakple se siwo nu wòle be nunɔlawo, ame siwo kpɔa mawusubɔsubɔ ŋu nyawo gbɔ le dukɔa me la, nazɔ ɖo.
Nu si dzi agbalẽa te gbe ɖo vevie wu lae nye Mawu ƒe kɔkɔetɔnyenye kple ale si wòle be eƒe dukɔa nasubɔe kpakple ale si wòdze be dukɔa nalé eɖokui be kadodo si le eya kple Mawu Kɔkɔetɔ la dome la nagalã ɖa o.
Agbalẽa me nya si ame geɖe nya wu la le ta 19.18 me. Eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.” Yesu gblɔ le nya sia ŋu be eyae nye se evelia si le vevie wu la.
Agbalẽa ƒe nyatiwo:
Nunana Mawu kple vɔsasa nɛ ŋuti sewo 1.1—7.38
Aron kple viawo ɖoɖo nunɔlawoe 8.1—10.20
Se siwo ku ɖe kɔkɔenyenye kple makɔmakɔnyenye le subɔsubɔ kɔnuwo me ŋu 11.1—15.33
Avulévɔsabiaŋkeke la 16.1-34
Kɔkɔenɔnɔ le agbenɔnɔ me kple le mawusubɔsubɔ me ŋuti sewo 17.1—27.34
اکنون انتخاب شده:
Mose III KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: