Mose II 40
40
Takpeƒegbadɔ la tutu kple eŋu kɔkɔ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nàtu nɔƒe si nye takpeƒe la. 3Tsɔ nubablaɖaka si me ɖaseɖeɖi la le da ɖe eme, eye nàtsɔ xɔmetsovɔ la xe aɖaka la ŋkume. 4Tsɔ kplɔ̃ la va da ɖe eme, eye nàɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu ɖe edzi. Kɔ akaɖiti la va eme, eye nàfɔ akaɖigbɛawo aɖo edzi. 5Tsɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado lifi dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye nàtsɔ avɔ atu agbadɔ la ƒe mɔ nu. 6Tsɔ numemevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe la si nye takpeƒe la ƒe ʋɔtrua ŋgɔ. 7Tsɔ tsileze la da ɖe takpeƒe la kple vɔsamlekpui la dome eye nàku tsi ɖe eme. 8Tɔ kpɔ ƒo xlãe godoo va kpe, eye nàtsɔ avɔ tu xɔxɔnua ƒe agbo la nu.
9Eyome tsɔ amisinanu la nàsi na agbadɔ la kple nu siwo katã le eme, eye nàkɔ eya ŋutɔ kple eme nunɔdziwo katã ŋu be woazu kɔkɔe. 10Si ami na numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã hã. 11Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ la, eye nàkɔ eŋu.
12Emegbe na Aron kple via ŋutsuwo nava takpeƒea ƒe mɔ nu eye nàle tsi na wo. 13Na Aron nado awu kɔkɔeawo, eye nàsi ami nɛ, awɔe kɔkɔe be wòazu nunɔla asubɔm. 14Eyome kplɔ via ŋutsuwo vɛ eye nàdo awu na wo. 15Si ami na wo abe ale si nèsii na wo tɔ́ ene, be woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia anye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo be nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.
16Mose wɔe pɛpɛpɛ. Ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ la, nenema wòwɔ. 17Le ƒè evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, wotu nɔƒe la. 18Mose tu nɔƒe la. Efɔ afɔawo da ɖi, eye wòtsɔ ʋɔtrutiawo de wo me. Etu kpoawo eye wòtu sɔtiawo hã. 19Ekeke agbadɔvɔ ɖe nɔƒe la dzi, eye wòtsyɔ nu edzi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 20Etsɔ ɖaseɖiɖi la de aɖaka la me, eye wòde kpoawo aɖaka la ŋu. Eyome etsɔ amenuvezikpui la da ɖe aɖaka la tame. 21Ekɔ aɖaka la va nɔƒe la, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe nubablaɖaka la ŋkume abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
22Etsɔ kplɔ̃ da ɖe takpeƒe la me, le nɔƒe la ƒe dzigbemekpa dzi, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ, 23eye wòtsɔ abolo da ɖe edzi le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 24Eyome etsɔ akaɖiti la da ɖe takpeƒe la me le kplɔ̃ la kasa le nɔƒe la ƒe anyigbemekpa dzi, 25eye wòfɔ akaɖigbɛawo ɖo edzi le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 26Etsɔ sikavɔsamlekpui#40.26: Sikavɔsamlekpui la dzi kee wotɔa dzo atike ʋeʋẽe le. la da ɖe takpeƒe la me, le xɔmetsovɔ la ŋgɔ, 27eye wòdo lifidzudzɔ ɖe edzi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 28Emegbe etsɔ avɔ la tu agbadɔ la nu. 29Etsɔ numemevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe si nye takpeƒe la ŋgɔ, eye wòmè numemevɔsa hewɔ nuɖuɖuvɔsa le edzi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 30Etsɔ tsileze la da ɖe takpeƒe la kple vɔsamlekpui la dome, eye wòku tsi si woale la ɖe eme. 31Mose kple Aron kple via ŋutsuwo tsɔe klɔ woƒe asiwo kple afɔwo. 32Ne wole gege ge ɖe godoƒegbadɔ la me alo wole tete ge ɖe vɔsamlekpui la ŋu la, wolea tsi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 33Etɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eye wòtsɔ avɔ la tu xɔxɔnu la ƒe agbo la nu. Ale Mose wu dɔ la nu.
Alilikpo si le Takpeƒegbadɔ la tame
(Mos IV, 9.15-23)
34 #
Fia I, 8.10, 11; Yes 6.4; Xez 43.4, 5; Nyaɖ 15.8. Tete alilikpo tsyɔ godoƒegbadɔ la dzi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la taŋ. 35Ke Mose mete ŋu ge ɖe godoƒegbadɔ la me o, elabe alilikpo la tsyɔ edzi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ. 36Le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ la katã me la, ne alilikpo la ho tso agbadɔ la dzi la, woawo hã hona yia ŋgɔ. 37Ne alilikpo la meho o la, woawo hã mehona o, va se ɖe gbe si gbe wòaho hafi woawo hã naho. 38Elabe le woƒe mɔzɔzɔ katã me la, Aƒetɔ ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, dzo nɔa eme wòdzena Israel-dukɔ blibo la kpɔna.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 40: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: