Mose III 9
9
Aron kple viawo dze dɔ gɔme
1Le ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuawo kpakple Israel-me tsitsiawo, 2eye wògblɔ na Aron be: “Lé nyitsu sue ɖeka na nuvɔ̃vɔsa kple agbo ɖeka na numemevɔsa. Wo ame eve la nanye lã siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o. Tsɔ wo sa vɔe le Aƒetɔ ŋkume. 3Gagblɔ na Israelviwo be woatsɔ gbɔ̃tsu sa nuvɔ̃vɔ, eye woatsɔ nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka siwo dome ɖe sia ɖe tsi xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afi aɖeke na o la sa numemevɔ; 4eyome woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka wɔ ŋutifafavɔsa na Aƒetɔ; woawɔ nuɖuɖuvɔsa, eye woade amii tsɔ kpe ɖe ŋutifafavɔsa la ŋu, elabe Aƒetɔ le eɖokui ɖe ge afia wo egbe.” 5Ameawo tsɔ nu siwo katã Mose xlẽ na wo la va godoƒegbadɔ la nu, eye ameha bliboa va ƒo ƒu hele tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume. 6Mose gblɔ na wo be: “Aƒetɔ ye de se be miava wɔ nu sia, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ado miakpɔ.” 7#Heb 7.27. Mose gblɔ na Aron azɔ be: “Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne nàsa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ tsɔ klɔ wò nuvɔ̃wo kple dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ɖa. Eyome nàsa vɔ ɖe dukɔa ta atsɔ lé avu na wo abe ale si Aƒetɔ gblɔ be woawɔe ene.” 8Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòwu nyitsuvi, si wòtsɔ le nuvɔ̃vɔ sa ge ɖe eɖokui ta la. 9Via ŋutsuwo tsɔ nyia ƒe ʋu vɛ. Ede asibidɛ eme tsɔ sisi ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzowo ŋu, eye wòtsɔ ʋu mamlɛa kɔ ɖe vɔsamlekpuia te. 10Etɔ dzo ayikuwo kple ami siwo le aklã ŋu la le vɔsamlekpuia dzi abe ale si Aƒetɔ de se na Mose be woawɔe ene. 11Ke etɔ dzo lã la kple lãgbalẽ la le asaɖa la godo.
12Etso agbo si wòtsɔ le numemevɔ sa gee la azɔ. Aron viŋutsuwo tsɔ agboa ƒe ʋu nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe. 13Wotsɔ agboa ƒe ta kple eƒe akpa bubuawo katã hã vɛ nɛ, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. 14Eklɔ dɔkaviawo kple afɔtiawo azɔ tsɔ da ɖe vɔsalã mamlɛawo dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye wòmè wo.
15Esiawo megbe la, esa vɔ ɖe dukɔa ta: Elé gbɔ̃tsu si wotsɔ le vɔa sa gee ɖe dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ta, eye wòwui hetsɔ sa nuvɔ̃vɔ abe ale si wòsa gbãtɔe la ene. 16Etsɔ numemevɔ la na le ɖoɖoa nu. 17Esa nuɖuɖuvɔ, eye wòku asiʋlo ɖeka le eŋu tɔ dzo le vɔsamlekpuia dzi kpe ɖe numemevɔsa si wosa gbe ma gbe ŋdi xoxo la ŋu.
18 #
Mos III, 3.1-11. Ewu nyitsu kple agbo siwo dukɔa na be woatsɔ sa ŋutifafavɔ la hã. Via ŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe. 19Eƒo ƒu ami siwo wòɖe le nyia kple agboa ŋu, lãawo ƒe asikɛ ƒe agunu, ami si tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo kple aklãa ƒe gbadzaƒe eveawo, 20eye wòtsɔ wo ɖo lã eveawo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo ami la le vɔsamlekpuia dzi. 21Ke enyè akɔawo kple ɖusitaawo le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ de se nɛ la ene.
22 #
Mos IV, 6.22-26. Tete Aron kɔ eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi heyra wo. Eɖi ɖe anyi esime wòsa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ kpakple ŋutifafavɔawo vɔ. 23Mose kple Aron yi godoƒegbadɔ la me. Esi wodo va la, woyra dukɔ la. Tete Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe la dze na dukɔ blibo la katã. 24Zi ɖeka ko, ɖeko dzo tso Aƒetɔ gbɔ va fiã numemevɔsa la kple lã damiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi dukɔa kpɔ nu sia la, wo katã wodo ɣli, eye wotsyɔ mo anyi.
اکنون انتخاب شده:
Mose III 9: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.