Mose III 20
20
Tomaɖomaɖo ŋu tohehewo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be, “Ne Israel-ŋutsu aɖe alo amedzro siwo le Israel-dukɔ me dometɔ aɖe tsɔ via na wotsɔ sa vɔ na Molex la, woawui: dukɔ bliboa aƒu kpee wòaku. 3Nye ŋutɔ maɖe ŋku atɔ nenem me ma; matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔmetɔwo dome, le esi wòtsɔ via na Molex, eye wòto ema me do ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe heƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la ta. 4Ne dukɔ la ŋe aɖaba ƒu nu si ame ma wɔ dzi, eye wogbe womewui o la, 5maɖe ŋku atɔ amea kple eƒe ƒome blibo la katã kpakple ame siwo katã kpe ɖe eŋu be wogbe anukwareɖiɖi nam heyi ɖale Molex subɔm la. Matsrɔ̃ wo ɖa le woƒe dukɔ la dome.
6“Ne ame aɖe de ŋɔliyɔƒe la, maɖe ŋku atɔe, eye maɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome. 7Eya ta mikɔ mia ɖokui ŋu, eye minɔ kɔkɔe elabe nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu. 8Miwɔ nye seawo katã dzi pɛpɛpɛ elabe nyee nye Aƒetɔ, eye nyee wɔ mi kɔkɔe. 9#Mos II, 21.17; Mat 15.4; Mar 7.10. Ne ame aɖe ƒo fi de tɔ́a alo nɔa la, miwui. Eƒo fi de tɔ́a alo nɔa; eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
10 #
Mos II, 20.14; Mos III, 18.20; Mos V, 5.18. “Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu eya kple nyɔnua siaa. 11#Mos III, 18.8; Mos V, 22.30; 27.20. Ne ŋutsu aɖe dɔ kple tɔ́a srɔ̃wo dometɔ aɖe la, eklo bubu le tɔ́a ŋu, eya ta ele be woawu eya kple nyɔnua siaa. Woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi. 12#Mos III, 18.15. Ne ŋutsu aɖe dɔ kple via ŋutsu srɔ̃ la, ele be woawu eya kple nyɔnua siaa; busunue wowɔ; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi. 13#Mos III, 18.22. Ne ŋutsu aɖe dɔ kple ŋutsu bubu abe ale si wodɔa nyɔnu gbɔ ene la, wo ame eve la wɔ ŋunyɔnu. Ele be woawu wo ame eve la; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi. 14#Mos III, 18.17; Mos V, 27.23. Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu aɖe kple nyɔnua dada siaa la, ewɔ nuvɔ̃ɖi. Ele be woatɔ dzo ŋutsua kple nyɔnu eveawo siaa be amewo naganɔ nuvɔ̃ɖi wɔm le mia dome o. 15#Mos II, 22.19; Mos III, 18.23; Mos V, 27.21. Ne ŋutsu aɖe dɔ kple lã la, ele be woawu eya kple lã la siaa. 16Ne nyɔnu aɖe te kpɔ be yeadɔ kple lã aɖe la, ele be woawu nyɔnua kple lãa siaa; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.
17 #
Mos III, 18.9; Mos V, 27.22. “Ne ŋutsu aɖe ɖe nɔvia nyɔnu – nenye tɔ́ ɖeka viwo alo nɔ ɖeka viwo ko wonye hã la, – ele be woado ŋukpe wo le dutoƒo, eye woanya wo dzoe le dukɔa me. Edɔ kple nɔvia nyɔnu; ele be wòatsɔ eƒe nuvɔ̃ɖi la ƒe agba. 18#Mos III, 18.19. Ne ŋutsu aɖe dɔ kple nyɔnu aɖe si kpɔ dzi nu, eye nyɔnua ɖe ama eɖokui, esime ʋu le dodom le eŋu la, woatsrɔ̃ wo kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la me. 19#Mos III, 18.12-14. Mègadɔ kple nɔwò nɔvinyɔnu alo tɔ́wò nɔvinyɔnu o; enye asidede ame ƒe ƒometɔ kekeake ŋu, woatsɔ woƒe nuvɔ̃ɖi la ƒe agba. 20Ne ame aɖe dɔ kple tɔgãa, tɔɖea alo nyruia srɔ̃ la, ekpɔ eƒe ƒometɔ ƒe ama me. Eya kple nyɔnua ƒe nuvɔ̃ la le wo dzi: womadzi vi hafi aku o. 21#Mos III, 18.16. Ne ame aɖe xɔ nɔvia ŋutsu srɔ̃ ɖe la, ewɔ ŋunyɔnu; eɖe nɔvia ŋutsu ƒe ama ɖe go. Eya kple nyɔnua madzi vi aɖeke o.
22“Eya ta milé fɔ ɖe nye sewo kple nye ɖoɖowo katã ŋu, eye miwɔ wo dzi pɛpɛpɛ be anyigba si dzi mekplɔ mi yinae la nagatú mi aƒu gbe o. 23Migayi ɖawɔ dukɔ siwo le afi ma, esiwo nyàm mele ɖa le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o. Woƒe nu ɖe wògblẽ ŋunye, le esi wowɔa nu siawo ta. 24Medo ŋugbe be matsɔ anyigba nyui, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la na mi wòanye mia tɔ. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu si tia mi, le dukɔwo dome. 25Eya ta ele be miade vovo lã siwo kɔ kple esiwo mekɔ o la dome, eye miade vovo xe siwo mekɔ o kple esiwo kɔ la hã dome. Migatsɔ lã makɔmakɔwo, xe makɔmakɔwo alo nu siwo zɔa ƒodo dzi la do ŋunyɔ mia ɖokui o. Metɔ asi wo dzi na mi be womekɔ o. 26Minye ame kɔkɔewo, eye minye nye ɖeka ko tɔ elabe nyee nye Aƒetɔ; ɖe mele kɔkɔe. Ɖe metia mi tso dukɔwo dome be mianye tɔnye koŋ.
27“Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe nye ŋɔliyɔla alo afakala la, miƒu kpee ne wòaku. Woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.”
اکنون انتخاب شده:
Mose III 20: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.